bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Jeremiah 26
Jeremiah 26
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 25
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 27 →
1
Le Yehoyakim, Yosiya vi ƒe fiaɖuɖu gɔmedzedze le Yuda-dukɔ me la, Aƒetɔ ƒe gbe va be:
2
Aƒetɔ be: “Yi ɖatsi tsitre ɖe Aƒetɔ ƒe aƒe la ƒe xɔxɔnu, eye nàgblɔ nya siwo katã megblɔ be nàgblɔ na ame siwo tsoa Yuda-duwo katã me va doa gbe ɖa le Aƒetɔ ƒeme la. Mègagblẽ nya aɖeke ɖi o.
3
Ðewohĩ woasee, eye wo dome ame sia ame adzudzɔ nuvɔ̃ɖi si wɔm wòle la, ekema vɔ̃ si meɖo be mawɔ wo la avem, eye maɖe asi le eŋu.
4
Gblɔ na wo be: ‘Aƒetɔ be: Ne miegbe toɖoɖom, eye miewɔ se siwo mede na mi la dzi o,
5
eye ne mieɖoa to nye dɔla gbeƒãɖela siwo medɔna ɖe mi enuenu la ƒe nyawo o la,
6
ekema mawɔ aƒe sia wòazu abe Silo ene, eye mana anyigba dzi dukɔwo katã atsɔ du sia ƒe ŋkɔ aƒo fi ade amee.’ ”
7
Nunɔlawo kple Mawu ƒe gbeƒãɖelawo kpakple dukɔ blibo la ɖo to se nya siwo Yeremya nɔ gbɔgblɔm le Aƒetɔ ƒe aƒe la me.
8
Esi Yeremya wu nya siwo katã Aƒetɔ be negblɔ la gbɔgblɔ nu na ameawo la, nunɔlaawo kple gbeƒãɖelaawo kpakple dukɔ blibo la lée gblɔ be: “Èdze na ku!
9
Nu ka ta nèɖe gbeƒã le Aƒetɔ ŋkɔ me be: ‘Aƒe sia azu abe Silo ene, eye du sia agbã, ame aɖeke maganɔ eme o’?” Tete ameawo katã ƒo xlã Yeremya le Aƒetɔ ƒe aƒea me.
10
Esi Yuda-dumegãwo se nu si le dzɔdzɔm la, wotso le fia ƒeme va Aƒetɔ ƒeme, eye wobɔbɔ nɔ teƒe si woyɔna be Agbo Yeye la nu.
11
Tete nunɔlaawo kple Mawu ƒe gbeƒãɖelaawo gblɔ na dumegãawo kple ameha blibo la be: “Edze be woatso kufia na ŋutsu sia elabe egblɔ nya vɔ̃ ɖe du sia ŋu. Miawo ŋutɔ miesee kple miaƒe towo.”
12
Tete Yeremya gblɔ na dumegãawo kple ameha blibo la be: “Aƒetɔ ye dɔm be magblɔ nya siwo katã miese la ɖe aƒe sia kple du sia ŋu.
13
Eya ta azɔ la, miɖɔ miaƒe agbenɔnɔ ɖo eye midzudzɔ nu madzɔmadzɔ siwo wɔm miele la, eye miawɔ nu si Aƒetɔ, mia Mawu la, di be miawɔ la. Ekema Aƒetɔ atrɔ susu, eye magawɔ vɔ̃ si wògblɔ ɖe mia ŋu la mi o.
14
Ke nye ya, mele mia si me xoxo. Nu si miekpɔ be enyo, eye wòdze ko la, miwɔm faa.
15
Ɖeko minya nyuie be ne miewum la, miahe ʋu maɖifɔ ava mia ɖokui, du sia kple emenɔlawo dzi; elabe le nyateƒe me la, Aƒetɔ ye dɔm ɖe mia gbɔ be magblɔ nya siawo katã ɖe to me na mi.”
16
Tete dumegãwo kple ameha blibo la gblɔ na nunɔlaawo kple Mawu ƒe gbeƒãɖelaawo be: “Ŋutsu sia ƒo nu na mi le Aƒetɔ, mía Mawu ƒe ŋkɔ me eya ta medze be woatso kufia nɛ o.”
17
Ametsitsi aɖewo tsi tsitre, eye wogblɔ na ame siwo katã ƒo ƒu ɖe afi ma la be:
18
“Le Yuda-fia, Xizkiya ŋɔli la, Mixa, Morasitɔ ɖe gbeƒã na Yuda-dukɔ blibo la be Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la gblɔ be: ‘Amewo ade Zion abe agble ene Yerusalem-du azu glikpo, eye gbedoxɔ nɔƒe le toa dzi azu ave.’
19
Ðe Yuda-fia Xizkiya kple Yuda-dukɔ la wuia? Ɖe fia la mevɔ̃ Aƒetɔ, eye wòƒo koko nɛ be wòakpɔ nublanui na yewo oa? Ðe Aƒetɔ meɖe asi le vɔ̃ si wògblɔ be yeawɔ la ŋu oa? Ke míawo míedi be míahe dzɔgbevɔ̃e gã sia ava mía ɖokui dzi!”
20
Ŋutsu bubu aɖe, si ŋkɔ nye Uriya, Semaya vi tso Kiryat-Yearim la hã ɖe gbeƒã gbedeasi le Aƒetɔ ŋkɔ me ɖe du sia kple anyigba sia ŋu kpɔ. Eƒe nyawo sɔ kple Yeremya tɔwo.
21
Esi fia Yehoyakim kple eƒe aʋawɔlawo kpakple dumegãwo katã se eƒe nyawo la, fia la di be yeawui. Ke esi Uriya see la, evɔ̃, eye wòsí yi Egipte.
22
Tete fia Yehoyakim dɔ Elnatan, Axbor vi la kple ame bubu aɖewo ɖo ɖe Egipte,
23
woyi ɖakplɔ Uriya tso afi ma vɛ na fia Yehoyakim, wòwui kple yi hetsɔ eƒe kukua ƒu gbe ɖe dukɔ hahoa ƒe ameɖiƒe.
24
Ke Axikam, Safan vi la, kpe ɖe Yeremya ŋu eye wometsɔe de asi na ameha la be woawu o.
← Chapter 25
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 27 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48
49
50
51
52