bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Jeremiah 37
Jeremiah 37
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 36
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 38 →
1
Zedekiya, Yosiya vi, ame si Babilon-fia Nebukadnezar tsɔ ɖo fia ɖe Yuda-nyigba dzi la ɖu fia ɖe Xonya, Yehoyakim vi, teƒe.
2
Ke Zedekiya loo, alo eƒe dɔlawo loo, alo anyigba la dzi nɔla aɖeke meɖo to Aƒetɔ ƒe gbedeasi to Yeremya, gbeƒãɖela la, dzi o.
3
Fia Zedekiya dɔ Yuxal, Selemya vi kple nunɔla Zefanya, Maaseya vi, ɖo ɖe Yeremya, gbeƒãɖela la gbɔ be: “Do gbe ɖa na Aƒetɔ, mía Mawu la ɖe mía ta.”
4
Yeremya gadona yina gbɔna le dukɔa me faa, elabe womedee gaxɔ me haɖe o.
5
Egipte Fiagã ƒe aʋakɔ la ho tso Egipte. Ke esi Kaldeatɔ siwo ɖe to ɖe Yerusalem se wo ŋkɔ la, wogbugbɔ ɖe megbe le Yerusalem ŋu.
6
Tete Aƒetɔ gblɔ na Yeremya be:
7
“Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la be: Gblɔ na Yuda-fia si dɔ wò ɖo ɖem be nàva bia nyam la be: ‘Kpɔ ɖa, Egipte Fiagã ƒe aʋakɔ si va be yeakpe ɖe ŋuwò la le tɔtrɔ ge ayi Egipte, eya ŋutɔ ƒe anyigba dzi.’
8
Kaldeatɔwo agbugbɔ ava wɔ aʋa kple du sia. Woaxɔe eye woatɔ dzoe.
9
Aƒetɔ be: ‘Migaflu mia ɖokui anɔ gbɔgblɔm be: Kaldeatɔwo adzo le mía gbɔ tsã o, elabe womele dzodzo ge o.
10
Elabe ne miete ŋu ɖu Kaldeatɔwo ƒe aʋakɔ bliboa si le aʋa wɔm kpli mi la dzi, eye ame siwo xɔ abi le wo dome la koe susɔ, tsi woƒe agbadɔwo me hã la, agbadɔmenɔla ɖe sia ɖe atso, atɔ dzo du sia.’ ”
11
Azɔ esi Kaldeatɔwo ƒe aʋakɔ gbugbɔ ɖe megbe le Yerusalem-dua ŋu esime Egipte Fiagã ƒe aʋakɔ la gbɔna la,
12
Yeremya do le Yerusalem-dua me be yeayi Benyamin-nyigba dzi be yeaɖaxɔ ye tɔ gome le yeƒe amewo dome.
13
Ke esi wòɖo Benyamin-gbo la nu la, dzɔla aɖe si ŋkɔe nye Yiriya, Selemya vi, ame si nye Xananya ƒe tɔgbuiyɔvi la lé Yeremya, gbeƒãɖela la gblɔ be: “Èsí yina Kaldeatɔwo gbɔ!”
14
Yeremya xɔ edzi gblɔ be: “Gbeɖe! Nyemedzo yina Kaldeatɔwo dzi o.” Ke Yiriya mexɔ nyaa nɛ o. Elé Yeremya eye wòkplɔe va amegãwo gbɔe.
15
Tete amegãawo do dɔmedzoe vevie ɖe Yeremya ŋu. Woƒoe, hetui ɖe agbalẽŋlɔla Yonatan ƒe aƒe si wotsɔ wɔ gaxɔe la me.
16
Esi Yeremya nɔ gaxɔ si nye tomexɔ la me eteƒe didi la,
17
fia Zedekiya dɔ ame ɖa wòva kplɔ Yeremya vɛ nɛ, eye wòxɔe. Fia la bia gbee le adzame le eƒeme be: “Gbedeasi aɖe tso Aƒetɔ gbɔ vaa?” Yeremya ɖo eŋu be: “Ẽ!” Eyi edzi be: “Woatsɔ wò ade asi na Babilon-fia!”
18
Yeremya bia Zedekiya be: “Nu vɔ̃ ka mewɔ ɖe ŋuwò loo, alo wò dɔlawo ŋu loo, alo dukɔ sia ŋu tae mietsɔm de gaxɔ me ɖo?
19
Afi ka miaƒe gbeƒãɖela siwo gblɔ na mi be: ‘Babilon-fia matso ɖe wò kple anyigba sia ŋu o’ la le?
20
Azɔ nye aƒetɔ fia, meɖe kuku, mele koko ƒom le ŋkuwò me kple ɖokuibɔbɔ. Mègatrɔm ɖo ɖe agbalẽŋlɔla Yonatan ƒeme o. Ne menye nenema o la, maku ɖe afi ma.”
21
Ale fia Zedekiya ɖe gbe woda Yeremya ɖe dzɔlawo ƒe xɔxɔnu. Wotsɔa abolo ɖeka nɛ tso aboloƒolawo ƒe ablɔ me gbe sia gbe, ʋuu va se ɖe esime abolo va vɔ keŋ le dua me. Ale Yeremya tsi dzɔlawo ƒe xɔxɔnu la.
← Chapter 36
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 38 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48
49
50
51
52