bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Jeremiah 14
Jeremiah 14
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 13
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 15 →
1
Aƒetɔ gblɔ na Yeremya le kuɖiɖi la ŋu be:
2
“Yuda le konyi fam; eƒe duwo le nu xam, eƒe amewo le anyigba le konyi fam, eye Yerusalem ƒe ɣli de dzi.
3
Eƒe bubumewo dɔa wo subɔlawo ɖa be woadu tsi vɛ. Woyia vudoa gbɔ, ke womekpɔa tsi o, eye wotrɔna gbɔna kple ze ƒuƒluwo. Ŋukpe léa wo wotɔtɔna, eye wotsyɔa nu ta.
4
Esi tsi megale dzadzam o, eye anyigba ƒu ta la, ŋukpe lé agbledelawo, eye wotsyɔ nu ta.
5
Zinɔ si dzi vi fɛ̃ gɔ̃ hã gblẽa vidzĩa ɖi dzona le egbɔ elabe gbe mumu aɖeke meli o.
6
Gbetedziwo tsia tsitre ɖe to ƒeƒlewo tame noa ya abe akpatakuwo ene. Nu tea woƒe ŋku ŋu, elabe gbe mumu aɖeke meli o.
7
Togbɔ be míaƒe nuwɔna vɔ̃ɖiawo le ɖase ɖim le mía ŋu hã la, xa ɖe wò ŋkɔ ta nàxɔ na mí. Elabe míaƒe megbedede le ŋuwò sɔ gbɔ, eye míewɔ nuvɔ̃ ɖe ŋuwò.
8
Wòe nye Israel ƒe mɔkpɔkpɔ; eƒe xɔnametɔ le xaxa me. Nu ka ta nànɔ anyigba la dzi abe amedzro ene, alo abe mɔzɔla si atsi adɔ, afɔ adzo ene?
9
Nu ka ta nèbe yeanɔ abe ŋutsu si tɔtɔ la ene, alo abe kalẽtɔ si mate ŋu axɔ na ame o la ene? Aƒetɔ, èle mía dome ɖe! Wò ŋkɔe woyɔna ɖe mía ŋu. Mègagblẽ mí ɖi o.”
10
Aƒetɔ gblɔ le dukɔ sia ŋu be: “Wolɔ̃a tsa glãla tsatsa alea; womeɖua wo ɖokui dzi tɔna ɖe teƒe ɖeka o, eya ta woƒe nu medzea Aƒetɔ ŋu o. Azɔ la, aɖo ŋku woƒe nuvɔ̃ɖi wɔwɔwo dzi, eye wòahe to na wo le woƒe nuvɔ̃wo ta.”
11
Aƒetɔ gblɔ nam be: “Mègaɖe kuku nam be mawɔ nyui na dukɔ sia o.
12
Togbɔ be wotsi nu dɔ gɔ̃ hã la, nyemase woƒe ɣli o. Togbɔ be wosa numemevɔ kple nuɖuɖuvɔ hã la, womadze ŋunye o. Ke boŋ matsɔ aʋawɔwɔ, dɔwuame kple dɔ vɔ̃ atsrɔ̃ woe.”
13
Tete megblɔ be: “O Aƒetɔ Mawu, kpɔ ɖa, gbeƒãɖelawo le gbɔgblɔm na wo be: ‘Aʋawɔwɔ kple dɔwuame matsrɔ̃ mi o, ke boŋ mana ŋutifafa si ŋu kakaɖedzi le la mi le teƒe sia.’ ”
14
Ke Aƒetɔ gblɔ nam be: “Aʋatso kam gbeƒãɖela mawo le le nye ŋkɔ me. Nyemedɔ wo loo, alo ɖe gbe na wo o. Nyemegblɔ nya aɖeke na wo hã o. Ŋutega si wogblɔ na mi be yewokpɔ la metso gbɔnye o, eye nya siwo gblɔm wole ɖi la, menye nye nyawoe o. Wole gbeƒã ɖem alakpaŋutega, afakaka maɖevi kple woawo ŋutɔ ƒe susu siwo ble wo la.
15
Eya ta Aƒetɔ be gbeƒãɖela siwo nyemedɔ o, evɔ woyi ɖale gbeƒã ɖem le nye ŋkɔ me be: ‘Aʋawɔwɔ kple dɔwuame mele anyigba sia dzi va ge o’ la, mana woamawo atsi aʋa, eye dɔwuame atsrɔ̃ wo.
16
Dɔwuame kple aʋawɔwɔ atsrɔ̃ ame siwo wogblɔ nya siawo na la hã, eye woatsɔ wo aƒu gbe ɖe Yerusalem ƒe ablɔwo dzi, ame aɖeke maɖi wo o: Woawo ŋutɔ, wo srɔ̃wo, wo viŋutsuwo kple wo vinyɔnuwo siaa. Mahe to na wo vevie ɖe woƒe vɔɖivɔ̃ɖinyenye nu.
17
Gblɔ nya sia na wo be: ‘Na nye ŋkuwo nafa aɖatsi yoo zã kple keli, mègana woadzudzɔ o. Elabe wode abi nye dukɔ si nye ɖetugbi leaƒe la ŋu vevie. Abia lolo; wowɔ nu vevi gã aɖee.
18
Ne meyi gbe me la, kpɔ ɖa, mekpɔa ame tsiaʋawo ƒe ŋutilãwo le afi ma. Ne mege ɖe dua me la, kpɔ ɖa, mekpɔa ame siwo le kukum le dɔwuame ta la hã le afi ma. Elabe gbeƒãɖela kple nunɔla siaa le woƒe dɔwo wɔm le anyigba la dzi, eye womenya nu si wɔm wole la o.’ ”
19
Ɖe nègbe Yuda-dukɔa godogodoa? Ðe wò luʋɔ lé fu Ziontɔwoa? Nu ka tae nèƒo mí alea, be dɔyɔyɔ mí megali o? Míele mɔ kpɔm na ŋutifafa, ke nu nyui aɖeke meva o. Míele mɔ kpɔm na hayahaya, ke kpɔ ɖa, ŋɔdzi koe li.
20
Aƒetɔ, míedze si míaƒe vɔɖivɔ̃ɖinyenye kple mía tɔgbuiwo ƒe nuvɔ̃ɖi wɔwɔ elabe míewɔ vɔ̃ ɖe ŋuwò.
21
Le wò ŋkɔ la ta, mègagbe mí o. Mègaklo bubu le wò ŋutikɔkɔe fiazikpui la ŋu o. Ɖo ŋku wò nu, si nèbla kpli mí la dzi. Mègatui o.
22
Ðe dukɔwo ƒe alakpamawuwo dometɔ aɖe ate ŋu ana tsi nadzaa? Alo ɖe dziƒo ate ŋu ana agbafie nawɔa? Ɖe menye wò, Aƒetɔ, ye nye mía Mawu oa? Míele mɔ kpɔm na wò, elabe wòe wɔa nu siawo katã.
← Chapter 13
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 15 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48
49
50
51
52