bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Jeremiah 3
Jeremiah 3
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 2
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 4 →
1
“Ne ŋutsu aɖe gbe srɔ̃a, eye wòyi ɖaɖe ŋutsu bubu la, ɖe wòagagbugbɔ ayi nyɔnu ma gbɔa? Ɖe megblẽ kɔ ɖo na anyigba ma vevie ne èwɔe oa? Èwɔ gbolo kple ahiãvi geɖewo tso, hafi nèbe yeatrɔ agava gbɔnye! Aƒetɔ lae gblɔe.
2
Fɔ mo dzi nàkpɔ to ƒeƒlewo tame ɖa! Afi kae womedɔ kpli wò le kpɔ o? Èbɔbɔ nɔ mɔ to nɔ wò ahiãviwo lalam abe Arabiatɔ aɖee le ame aɖe lalam le gbedadaƒo ene. Ètsɔ wò gbolowɔwɔ vivivo ƒo ɖi anyigba la.
3
Esia ta agbafie gbe wɔwɔ, eye adatsi hã megadzana o. Ke wò mo va le abe gbolo tɔ ene; ŋu megakpea wò o.
4
Menye fifi laa ko nèyɔm hegblɔ nam be: ‘Tɔ́nyee nènye, èdze xɔlɔ̃m tso nye ɖevime ke oa?
5
Ðe nàdo dziku ɖaa? Ɖe nye nu agblẽ ŋuwò tegbeea?’ Kpɔ ɖa, nègblɔe baa, gake nèto gbɔ wɔ nuvɔ̃ɖi siwo katã nàte ŋui.”
6
Esime fia Yosiya nɔ zi dzi la, Aƒetɔ gblɔ nam be: “Èkpɔ nu si Israel nuteƒemawɔla ma wɔa? Eyi togbɛ kɔkɔ ɖe sia ɖe tame kple ati dama ɖe sia ɖe te, eye wòwɔ gbolo le afi ma.
7
Nyea mebu be esi wòwɔ nu siawo katã vɔ la, atrɔ ɖe ŋunye, gake metrɔ o. Nɔvia nyɔnu Yuda, alakpanuwɔla la, kpɔ nu sia.
8
Togbɔ be ekpɔ be megbe Israel, nuteƒemawɔla ma, na srɔ̃gbegbalẽe henyae le eƒe ahasiwɔwɔ ta hã la, Yuda, Israel nɔvinyɔnu alakpanuwɔla la, mevɔ̃ o; ke boŋ eya hã yi ɖawɔ gbolo.
9
Esi gbolowɔwɔ nye nu tsɛ le egbɔ ta la, egblẽ kɔ ɖo na anyigba la, eye wòwɔ ahasi to ati kple kpewo subɔsubɔ me.
10
Le esia katã megbe la, Yuda, Israel nɔvinyɔnu alakpanuwɔla la, metrɔ ɖe ŋunye kple dzi blibo o; ke ame ko wòflu.” Aƒetɔ lae gblɔe.
11
Tete Aƒetɔ gblɔ nam be: “Israel, nuteƒemawɔla la, ƒe nuwɔna ɖee fia be etɔ dzɔ wu Yuda, alakpanuwɔla la, tɔ.
12
Yi ɖaɖe gbeƒã nya siawo ɖo ɖe dzigbeme lɔƒo be: ‘Israel, nuteƒemawɔla, trɔ va, Aƒetɔ lae gblɔe. Nyemakpɔ wò kple dziku o, elabe nublanuikpɔla menye, Aƒetɔ lae gblɔe. nyemado dziku tegbee o.
13
Wò ya lɔ̃ ko be yeɖi fɔ, eye yedze aglã ɖe Aƒetɔ, wò Mawu la ŋu, eye yeɖe asi le ye ɖokui ŋu na amedzrowo le ati dama ɖe sia ɖe te, eye yegbe toɖoɖom. Aƒetɔ lae gblɔe.
14
Vi mawɔnuteƒewo, mitrɔ va, Aƒetɔ lae gblɔe; elabe nyee nye mia aƒetɔ. Maɖe ame ɖeka tso du sia du me kple ame eve tso ƒome sia ƒome me, eye makplɔ mi agbugbɔ va Zion.
15
Mana alẽkplɔlawo mi ɖe nye dzi ƒe didi nu; woatsɔ nunya kple gɔmesese anyi mii.
16
Ekema ne mieva dzi sɔ gbɔ fũu ɣe ma ɣi le anyigba la dzi la, Aƒetɔ lae gblɔe, womagagblɔ be: “Aƒetɔ ƒe nubablaɖaka la” o. Mava ame aɖeke ƒe susu me o, eye womagaɖo ŋku edzi hã o. Womagahiãe o, eye womawɔ bubu hã o.
17
Ɣe ma ɣi la, woayɔ Yerusalem be Aƒetɔ ƒe fiazikpui, eye dukɔwo katã aƒo ƒu ɖe afi ma le Aƒetɔ ŋkume le Yerusalem. Womagakplɔ woƒe dzi vɔ̃ɖi kuatri la ɖo azɔ o.
18
Ɣe ma ɣi la, Israel-dukɔ kple Yuda ƒe ƒome la awɔ ɖeka, eye woƒe amewo atso dzigbemenyigba dzi ayi anyigba si metsɔ na wo tɔgbuiwo be wòanye woƒe domenyinu la dzi.
19
“ ‘Mebu ale si matsɔ wò aɖo vinye ŋutsuwo dome, eye matsɔ anyigba nyui aɖe na wò; domenyinu si nyakpɔ wu le dukɔwo katã dome. Mebu be àyɔm be Tɔ́nye, eye mèle tɔtrɔ ge le yonyeme o.
20
Ke Israel-dukɔ, abe ale si srɔ̃nyɔnu nuteƒemawɔla dzona le srɔ̃a gbɔe ene la, nenema tututu wò hã nèwɔ ɖe ŋunye.’ ” Aƒetɔ lae gblɔe.
21
Ɣli ɖi le to ƒeƒlewo tame: Israelviwoe le avi fam, le koko ƒom, elabe wowɔ nuvɔ̃, tra mɔ, eye woŋlɔ Aƒetɔ, woƒe Mawu la be.
22
“Mi vi mawɔnuteƒewo, mitrɔ va, ne mada gbe le miaƒe nuteƒemawɔmawɔ ŋu.” “Kpɔ ɖa, míegbɔna gbɔwò elabe wòe nye Aƒetɔ, mía Mawu la!
23
Nyateƒe, dzromawuwo subɔsubɔ le togbɛwo kple towo dzi nye alakpanuwɔwɔ. Nyateƒee, Aƒetɔ, mía Mawu la ɖeɖe koe xɔna na Israel.”
24
“Ke tso keke mía ɖevime ke la, ŋukpenanu la gblẽ mía tɔgbuiwo ƒe dɔwɔwɔwo, woƒe alẽhawo, lãhawo, viŋutsuwo kple vinyɔnuwo dome.
25
Mina míamlɔ míaƒe ŋukpe me, eye mina míaƒe gbɔɖiɖi natsyɔ mía dzi. Elabe míewɔ nuvɔ̃ ɖe Aƒetɔ, mía Mawu la ŋu, míawo ŋutɔ kple mía tɔgbuiwo tso mía ɖevime va ɖo egbe. Mímeɖo to Aƒetɔ, mía Mawu la ƒe gbe o.”
← Chapter 2
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 4 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48
49
50
51
52