bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Jeremiah 22
Jeremiah 22
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 21
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 23 →
1
Aƒetɔ gblɔ be: “Yi ɖe Yuda-fia ƒe fiasã me ne nàgblɔ nya sia nɛ.
2
Gblɔ be: ‘Yuda-fia, wò ame si le David ƒe fiazikpui dzi, wò kple wò dɔlawo kple wò dukɔmetɔ siwo katã vaa aƒe sia me, mise Aƒetɔ ƒe nya.
3
Aƒetɔ be midrɔ̃ ʋɔnu ɖe eteƒe, eye miwɔ nu dzɔdzɔe. Mixɔ na ame si woda adzoe la tso ameteɖeanyila si me. Migawɔ vɔ̃ amedzro, tsyɔ̃evi alo ahosi alo asẽ ŋuta le wo ŋu o. Migawu ame maɖifɔ aɖeke ɖe teƒe sia o.
4
Elabe ne miewɔ nya sia dzi tututu la, ekema fia siwo anɔ David ƒe fiazikpui dzi la, ato agbo sia nu ado ayi agbɔ. Woawo ŋutɔ kple woƒe dɔlawo kpakple dukɔ sia me nɔlawo katã anɔ tasiaɖamwo me, eye woado sɔwo.
5
Aƒetɔ be, ke ne miewɔ nya siawo dzi o la, metà ɖokuinye, ne aƒe sia mazu aƒedo o fĩi!
6
Elabe Aƒetɔ gblɔ le Yuda-dukɔ ƒe fiasã la ŋu be: ‘Èle nam abe Gilead le Lebanon-towo tame ene. Ke mawɔ wò nàzu kegbegbe kokoko, du si me ame aɖeke manɔ o.
7
Maɖo nugblẽlawo ɖa, wo dometɔ ɖe sia ɖe atsɔ eƒe aʋawɔnu ɖe asi vɛ. Woalã wò sederti nyuitɔwo, eye woatsɔ wo ade dzo me.
8
Emegbe dukɔ geɖewo ava to du sia ŋu ayi, anɔ wo nɔewo biam be: Nu ka ta Aƒetɔ wɔ du gã sia wòzu alea ɖo?
9
Tete woaɖo eŋu be: Esi wogblẽ nu, si wobla kple Aƒetɔ woƒe Mawu la ɖi, eye wode ta agu na mawu bubuwo hesubɔ wo la tae.’ ”
10
Migafa avi na ame si ku la o; migafa konyi nɛ o. Ke mifa avi hehehe na ame si dzo yina la boŋ elabe megale tɔtrɔ ge agbɔ ne wòagakpɔ wo denyigba o.
11
Elabe Aƒetɔ gblɔ ɖe Salum, Yosiya vi, Yuda-fia, ame si ɖu fia ɖe tɔ́a Yosiya teƒe, eye wòdzo le afi sia ŋu be: “Magatrɔ agbɔ va afi sia o.
12
Ke boŋ aku ɖe teƒe si woɖe aboyoe yii la, eye magakpɔ anyigba sia akpɔ o.”
13
“Baba na ame si tsɔ nu madzɔmadzɔ wɔwɔ le eƒe xɔ tum, eye wòtsɔ nuteƒemawɔmawɔ le xɔtaxɔ tum ɖe edzi. Baba na ame si nana be ehavi subɔnɛ dzodzro, eye mexea eƒe fetu nɛ o.
14
Baba na ame si gblɔ be: ‘Matu xɔ gã aɖe na ɖokuinye, eye mana tuɖedziawo me nakeke.’ Ede fesre xɔa ŋu, klã sederʋuƒowo ɖe eme, eye wòsi aŋɔ dzĩ nɛ.
15
Ðe nèbuna be yenye fia elabe èle ɖi kem le sedertiwo ŋudɔwɔwɔ mea? Ɖe tɔ́wò meɖu nu, no nu, drɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe, eye wòwɔ nu dzɔdzɔe oa? Eya tae eme nyo nɛ ɖo.
16
Eʋli ame dahewo kple hiãtɔwo ta, eye eme nyo nɛ. Ɖe menye ale si wodzea sim lae nye esia oa? Aƒetɔ lae gblɔe.
17
Ke ŋku kple dzi siwo le viɖe madzemadze kpɔkpɔ ŋu koe le asiwò. Be nàkɔ ʋu maɖifɔ ɖi, asẽ ŋuta le ame ŋu, eye nàte ame ɖe anyi.”
18
Eya ta Aƒetɔ gblɔ ɖe Yuda-fia Yehoyakim, Yosiya vi ŋu be: “Womafa nɛ be: ‘Ao, nɔvinye ŋutsu!’ alo ‘Ao, nɔvinye nyɔnu!’ o. Womafa nɛ be: ‘Ao, míaƒe Aƒetɔ!’ alo ‘Ao, míaƒe fia bubutɔ!’ o.
19
Ke boŋ woaɖii tedziɖiɖii. Woatee le anyigba, eye woatsɔe aƒu gbe ɖe adzɔge ke tso Yerusalem ƒe agbowo nu.”
20
“Yi Lebanon-towo dzi ne nàdo ɣli. Yi Basan-nyigba dzi ne nàna wò gbe naɖi bobobo. Wò gbe nede dzi le Moab-towo dzi elabe wogblẽ wò ahiãviwo katã dome.
21
Meƒo nu na wò esime eme nyo na wò; ke nègblɔ be: ‘Nyemasee o.’ Alea ko wò zɔzɔme le tso wò ɖekakpuime ke be mèse nye gbe o.
22
Yaƒoƒo akplɔ wò alẽkplɔlawo katã adzoe, eye wò ahiãviwo ayi aboyo me. Ekema ŋu akpe wò, gbɔgblɔ abu ɖe wò le nuvɔ̃ɖi siwo katã nèwɔ la ta.
23
Ke wò Lebanontɔ, ame si wɔ atɔ ɖe sedertiwo dome, wò nu awɔ nublanui ne ède asi vevesese me abe funɔ si le ku lém la ene.”
24
Aƒetɔ gblɔ be: “Zi ale si mele agbe, togbɔ be Yuda-fia Xonya, Yehoyakim vi la nye ŋkɔsigɛ le nye nuɖusi hã la, maɖe wò aƒu gbe le asi.
25
Matsɔ wò ade asi na ame siwo le wò ku dim, ame siwo vɔ̃m nèle la; made wò asi na Babilon-fia Nebukadnezar kekeake kple Kaldeatɔwo.
26
Matsɔ wò kple nɔwò si dzi wò la aƒu gbe ɖe anyigba bubu dzi, afi si womedzi mi ɖo o, eye miaku ɖe afi ma.
27
Ke womagbugbɔ ava anyigba si dzi vava adzro wo vevie la dzi o.”
28
Ðe Xonya, ŋutsu sia, zu ze gbagbã si wogbe, ze si ame aɖeke megaléa be na oa? Nu ka tae wotsɔ eya kple viawo ƒu gbe ɖo ɖe anyigba si womenya o la dzi?
29
O nye dukɔ, nye dukɔ, nye dukɔ! Se Aƒetɔ ƒe nya!
30
Aƒetɔ be: “Ŋlɔ ŋutsu sia ŋkɔ ɖi be medzi vi kpɔ o. Ame si naneke madze edzi na le agbe me o. Elabe dzidzimevi aɖeke manɔ esi aɖu fia le David ƒe fiazikpui dzi, eye wòagaɖu fia le Yuda-dukɔ me akpɔ o.”
← Chapter 21
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 23 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48
49
50
51
52