bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Jeremiah 43
Jeremiah 43
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 42
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 44 →
1
Esi Yeremya wu Aƒetɔ, woƒe Mawu la ƒe nya siwo wòdɔe be wòaɖagblɔ na dukɔ blibo la gbɔgblɔ na wo nu la,
2
Azarya, Hosaya vi kple Yehohanan, Kareax vi kpakple ŋutsu nu baɖa wɔlawo katã gblɔ na Yeremya be: “Èka aʋatso. Aƒetɔ, mía Mawu la medɔ wò ɖa be nàgblɔ na mí be: ‘Migayi Egipte aɖanɔ afi ma o.’
3
Ke boŋ Barux, Neriya vi lae le ʋu yɔm ɖe tewò ɖe mía ŋu, ne woatsɔ mí ade asi na Kaldeatɔwo be ne woawu mí loo, alo aɖe aboyo mí akplɔ yi Babilon.”
4
Ale Yehohanan, Kareax vi kple aʋakɔwo kplɔlaawo katã kple dukɔ blibo la meɖo to Aƒetɔ ƒe gbe be woatsi Yuda-nyigba dzi o.
5
Ke Yehohanan, Kareax vi kple aʋakplɔlaawo katã kplɔ ame siwo katã susɔ le Yuda, eye wotrɔ gbɔ tso dukɔ siwo me wokaka ɖo la be yewoava nɔ Yuda-nyigba dzi la, dzoe.
6
Wokplɔ ŋutsuwo, nyɔnuwo, ɖeviwo, fiavinyɔnuwo kple ame bubu siwo katã fia ŋu srafowo ƒe tatɔ Nebuzaradan gblẽ ɖi ɖe Gedalya, Axikam vi, Safan vi la si me hekpe ɖe Yeremya, gbeƒãɖela la kple Barux, Neriya vi la ŋu dzoe.
7
Wova ɖo Egipte-nyigba dzi elabe wogbe toɖoɖo Aƒetɔ ƒe gbe. Woge ɖe Taxpanxes-du me.
8
Tete Aƒetɔ ƒo nu na Yeremya le du sia me be:
9
“Tsɔ kpe gã aɖewo nàɖi ɖe Egipte Fiagã ƒe fiasã si le Taxpanxes la ƒe mɔnu. Ði wo ɖe anyikpe siwo woɖo ɖe anyigba la te, eye na Yuda-ŋutsuwo nakpɔ eteƒe.
10
Gblɔ na wo be: ‘Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla, Israel ƒe Mawu la be: Kpɔ ɖa, madɔ woayi ɖakplɔ nye dɔla Babilon-fia Nebukadnezar vɛ. Malí eƒe fiazikpui ɖe kpe siwo meɖi la dzi, eye wòakeke eƒe fiaɖuƒe ɖe enu va teƒe ma.
11
Egbɔna ava ɖu Egipte-nyigba dzi. Ana ame siwo xɔ dɔléku vɛ la, alé dɔ aku; ame siwo xɔ aboyomeyiyi vɛ la, ana woayi aboyo me, eye ame siwo xɔ aʋameku vɛ la, atsi aʋa.
12
Ado dzo ɖe Egipte-mawuwo subɔƒe. Atɔ dzo wo, eye wòaɖe aboyo wo tso Egipte-nyigba dzi adzoe. Babilon-fia afɔ nuwo le Egipte-nyigba dzi keŋkeŋ abe ale si alẽkplɔla fɔa axɔ̃ ɖekaɖeka le eƒe awu mee la ene, eye wòadzo le afi ma ayi le ŋutifafa me.
13
Agbã ŋkuɖodzikpe kɔkɔe siwo le Xeliopoli le Egipte-nyigba dzi la, eye wòatɔ dzo Egipte-mawuwo ƒe subɔƒewo.’ ”
← Chapter 42
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 44 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48
49
50
51
52