bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Jeremiah 42
Jeremiah 42
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 41
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 43 →
1
Tete aʋakplɔlaawo katã kple Yehohanan, Kareax vi kple Azarya, Hosaya vi, hekpe ɖe ɖeviwo kple ame tsitsiwo siaa ŋu te va
2
gblɔ na Yeremya, gbeƒãɖela la be: “Nyo dɔme na mí nàse míaƒe kokoƒoƒo, eye nàdo gbe ɖa na Aƒetɔ, wò Mawu la na mí, ɖe ame susɔe siawo katã ta. Elabe ame geɖe ŋutɔ míenye gake mí ame ʋɛ siawo koe susɔ abe ale si nèle mía kpɔm ene.
3
Na Aƒetɔ, wò Mawu la nafia mɔ si wòle be míato kple nu si wòle be míawɔ la mí.”
4
Yeremya, gbeƒãɖela la, ɖo eŋu na wo be: “Mese miaƒe nya la. Kpɔ ɖa, mado gbe ɖa na Aƒetɔ, mia Mawu la na mi abe ale si miebia ene. Nya si wòtsɔ ɖo eŋui la, magblɔe na mi. Nyemaɣla nya aɖeke ɖe mi o.”
5
Tete wogblɔ na Yeremya be: “Aƒetɔ nenye ɖasefo anukwaretɔ kple nuteƒewɔla na mí, nenye be míewɔ ɖe nya siwo katã eya, Aƒetɔ, wò Mawu la agblɔ ɖo ɖe mí la nu o.
6
Nya nyui wòɖanye o, nya vɔ̃ wòɖanye o, Aƒetɔ, mía Mawu la, ame si gbɔ míele ɖowòm ɖo la ƒe gbe ko míase be eme nanyo na mí, ne míese eƒe gbe.”
7
Ŋkeke ewo megbe la, Aƒetɔ ƒo nu kple Yeremya.
8
Ale wòyɔ Yehohanan, Kareax vi kple aʋakplɔla siwo katã le eŋu la kple ame sia ame, ɖeviwo kple ame tsitsiwo siaa,
9
eye wògblɔ na wo be: “Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la, ame si gbɔ mieɖom ɖo be maɖaƒo koko nɛ kple miaƒe nyawo la gblɔ be:
10
Ne mianɔ anyigba sia dzi la, ekema matu mi ɖo, eye nyemagbã mi o; mado mi eye nyemaho mi o, elabe dzɔgbevɔ̃e si mehe va mia dzi la vem.
11
Migavɔ̃ Babilon-fia si vɔ̃m miele la o; migavɔ̃e azɔ o, Aƒetɔ lae gblɔe, elabe meli kpli mi axɔ na mi, eye maɖe mi tso esi me.
12
Makpɔ nublanui na mi ale be eya hã nakpɔ nublanui na mi eye wòana mianɔ miawo ŋutɔ mia denyigba dzi.
13
Evɔ ne miegblɔ be: ‘Míele anyigba sia dzi nɔ ge o’, eye miegbe toɖoɖo Aƒetɔ, mia Mawu ƒe gbe
14
ahanɔ gbɔgblɔm be: ‘Gbeɖe, míayi Egipte-nyigba dzi, elabe afi ma, aʋa magadzɔ míakpɔ o, aʋayikpẽ maɖi míase o, eye dɔ magawu mí gbeɖe o, eye míaɖanɔ afi ma la,’
15
ekema mi ame siwo susɔ ɖe Yuda, mise Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla, Israel ƒe Mawu la ƒe nya be: Ne mieɖoe kplikpaa be yewoagbugbɔ ayi Egipte aɖanɔ afi ma la,
16
ekema aʋawɔwɔ si vɔ̃m miele la atu mi le afi ma le Egipte-nyigba dzi, dɔwuame si le ŋɔdzi dom na mi la akplɔ mi ɖo kplíkplikpli age ɖe Egipte kpli mi, eye afi mae miaku ɖo.
17
Ame siwo katã ɖoe kplikpaa be Egipte ko yewoayi aɖanɔ la, aku le aʋa me loo, alo dɔwuame atsrɔ̃ wo loo, alo woatsi dɔ vɔ̃ si me. Wo dometɔ ɖeka hɔ̃ hã masusɔ le dzɔgbevɔ̃e si he ge mala ava wo dzi la me o.”
18
“Elabe Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla, Israel ƒe Mawu la le gbɔgblɔm be: Ale si metrɔ nye dɔmedzoe kple nye dziku ƒo ɖe Yerusalemnɔlawo dzii la, nenema ke matrɔ nye dziku aƒo ɖe mia dzi, ne mieyi Egipte. Miazu atamkanu, ŋɔdzinu, ɖiŋudonu kple alɔmeɖenu; miagakpɔ teƒe sia ya akpɔ o.
19
Aƒetɔ gblɔ na mi, ame siwo susɔ le Yuda la be: ‘Migayi Egipte o.’ Minya nyuie be megbee na mi egbe,
20
be kunue mietra ɖawɔ. Elabe miawo ŋutɔe ɖom ɖe Aƒetɔ, mia Mawu la gbɔ be: ‘Do gbe ɖa na Aƒetɔ, mía Mawu la, na mí. Nu sia nu si Aƒetɔ, mía Mawu la gblɔ la, va gblɔe na mí, eye míawɔ edzi.’
21
Ale megblɔe na mi egbe, gake mieɖo to Aƒetɔ, mia Mawu la ƒe gbe le nu siwo wògblɔ nam meva gblɔ na mi la ƒe ɖeke me o.
22
Eya ta azɔ la, minya nyuie be miaku ɖe aʋawɔwɔ, dɔwuame kple dɔ vɔ̃ si me le teƒe si le mia dzrom miedi be yewoaɖanɔ la.”
← Chapter 41
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 43 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48
49
50
51
52