bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Jeremiah 20
Jeremiah 20
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 19
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 21 →
1
Azɔ nunɔla Pasxur, Imer vi, si nye dzikpɔlawo ƒe amegã le Aƒetɔ ƒeme se nya siwo Yeremya nɔ gbeƒã ɖemee.
2
Tete Pasxur ƒo Yeremya, gbeƒãɖela la, eye wòtsɔ eƒe afɔwo de atikpofɔblanu kpekpe me. Wodae ɖe Benyamin-gbo dzigbetɔ si le Aƒetɔ ƒe aƒea me la nu.
3
Esi ŋu ke la, Pasxur na wova ɖe atikpofɔblanu kpekpe la le afɔ na Yeremya. Tete wògblɔ na Pasxur be: “Aƒetɔ magayɔ wò be Pasxur azɔ o. Wò ŋkɔ azɔe nye Ŋɔdzi xɔ afi sia afi.
4
Elabe Aƒetɔ be: Kpɔ ɖa, mana nàzu ŋɔdzi na wò ŋutɔ ɖokuiwò kple xɔ̃wòwo katã. Woƒe futɔwo awu wo kple yi le wò ŋutɔ ŋkuwò me. Matsɔ Yuda-dukɔ blibo la ade asi na Babilon-fia. Akplɔ wo ayi aboyo me le Babilon, eye woawu wo kple yi le afi ma.
5
Gawu la, mana futɔwo aha du sia. Woaha woƒe kesinɔnuwo, nukpɔkpɔwo kple woƒe nu veviwo katã kpakple Yuda-fiawo ƒe kesinɔnuwo katã ayi Babilonia.
6
Pasxur, ke le wò ŋutɔ kple wò aƒemetɔwo gome ya la, woaɖe aboyo mi akplɔ ayi Babilonia. Àku ɖe afi ma woaɖi akpe ɖe xɔ̃wò siwo katã nèka aʋatso ɖe gbeƒã na la ŋu.”
7
Aƒetɔ, èblem, eye woblem. Èsesẽ wum, eye nèɖu dzinye. Ame sia ame le koyem; mezu alɔmeɖenu ŋkeke blibo la.
8
Elabe ne mele nu ƒom ɣe sia ɣi la, ele be manɔ ɣli dom anɔ bublum sesĩe be: “Ŋutasesẽ kple Tsɔtsrɔ̃!” Elabe Aƒetɔ ƒe nya zu vlododo kple alɔmeɖeɖe le ŋunye ŋkeke blibo la.
9
Ne mebe: “Nyemayɔ eŋkɔ o, nyemagaƒo nu le eŋkɔ me o” la, ekema gbedeasia nɔa nye dzime abe dzobibi si nu wotu nu ɖo le nye ƒuwo me ke ene. Enana be ɖeɖi tea ŋunye, eye wòglom.
10
Elabe mesea dalĩdodowo be: “Ŋɔdzi xɔ afi sia afi! Ɖe egɔme ɖe go! Mina míaɖe egɔme ɖe go!” Xɔ̃nye veviwo kekeake hã le egblɔm, eye wole mɔ kpɔm na nye anyidzedze. “Ɖewohĩ, woate ŋu ablee, míaƒe asi asu edzi, eye míabia hlɔ̃e.”
11
Ke Aƒetɔ, li kplim abe aʋawɔla sesẽ ene; eya ta yonyemetilawo adze anyi. Womaɖu dzinye o. Ŋu akpe wo vevie elabe womaɖu dzi o. Ŋukpe mavɔ si womate ŋu aŋlɔ be akpɔ o la anɔ wo ŋu.
12
Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla, ame si doa ame ƒe nu dzɔdzɔe wɔwɔ kpɔna, ame si nyaa ame ƒe tamesusu kple dzimenya, na makpɔ ale si nèle hlɔ̃ bia ge woe, elabe asiwò me metsɔ nye nyawo dee.
13
Midzi ha na Aƒetɔ! Mikafu Aƒetɔ! Elabe eɖe hiãtɔ ƒe agbe tso nuvɔ̃ɖi wɔlawo si me!
14
Neɖi gbe si gbe wodzim la ŋu kpékpekpe! Wonegayra gbe si gbe nɔnye dzim la o.
15
Neɖi ame si he dzidzɔnya vɛ na tɔ́nye be: “Wodzi ŋutsuvi na wò,” eye dzi dzɔe ŋutɔ la, ŋu kpékpekpe!
16
Ame ma nenɔ abe du siwo Aƒetɔ tsrɔ̃ nublanuimakpɔmakpɔtɔe ene. Nese dziɖeleameƒoɣli le ŋdi me, eye wòase aʋaɣli le ŋdɔ me,
17
elabe mewum ɖe dɔ me ne nɔnye ƒe vidzidɔ nanye yɔdo nam be fu natsi nɔnye ƒo tegbee o.
18
Nu ka ta koŋ wodzim ɖo? Be manɔ fukpekpe kple nuxaxa ko dzi, anɔ ŋukpe ɖum aɖase ɖe nye agbe ƒe nuwuwua?
← Chapter 19
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 21 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48
49
50
51
52