bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Jeremiah 10
Jeremiah 10
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 9
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 11 →
1
Israel-dukɔ, mise nya si Aƒetɔ le gbɔgblɔm na mi.
2
Aƒetɔ be: “Migasrɔ̃ dukɔwo ƒe nuwɔna o. Dzesi siwo dzena le dziŋgɔli me la, megaɖe dzi le mia ƒo o, elabe woɖea dzi le dukɔwo ƒo.
3
Elabe dukɔwo ƒe kɔnyinyiwo nye alakpanuwɔwɔ. Wotsoa ati le ave me, eye aɖaŋunukpala tsɔa fíavi trɔa asi le eŋuti.
4
Amewo tsɔa klosalo kple sika ɖoa atsyɔ̃ nɛ. Wotsɔa zu ƒoa gatagbadzɛ ɖee sesĩe be magaʋã o.
5
Woƒe legbawo le abe nu siwo nyaa xeviwo le dzamatregble me ene. Womete ŋu ƒoa nu o; ele be woakɔ wo elabe womete ŋu zɔna o. Migavɔ̃ wo o, elabe womate ŋu awɔ vɔ̃ aɖeke o, eye nu nyui wɔwɔ ƒe ŋutete hã mele wo ŋu o.”
6
Aƒetɔ, ame aɖeke mede nuwò o; èlolo, eye wò ŋusẽ na wò ŋkɔ dzi ŋɔ.
7
Dukɔwo ƒe Fia, ame kae mavɔ̃ wò o? Elabe esia koe dze wò; elabe le dukɔwo ƒe nunyalawo katã dome, eye le woƒe fiaɖuƒewo katã me la, ɖeke meli si le abe wò ene o.
8
Wo katã wodzɔ lã, wonye bometsilawo. Nu ka koŋ woate ŋu asrɔ̃ tso legba siwo nye ati kpakpɛwo gbɔ?
9
Wotsɔ klosalo si woƒo gbabɛ la tso Tarsis vɛ, wotsɔ sika tso Ofir vɛ. Wonye aɖaŋudɔwɔla ƒe asinudɔwɔwɔ kple sikaɖaŋudɔwɔla ƒe dɔ. Wota aɖabɛvɔ blɔtɔ kple dzĩtɔ siwo katã avɔlɔ̃lawo lɔ̃ aɖaŋutɔe la na wo.
10
Ke Aƒetɔ nye Mawu nyateƒetɔ la. Enye Mawu gbagbe kple Fia si li tegbee. Ne edo dɔmedzoe la, anyigba ʋuʋuna. Ne dzi kui la, dukɔwo metea ŋu nɔa te ɖe enu o.
11
Ke gblɔ na wo be: “Mawu siwo mewɔ dziƒo kple anyigba o la, atsrɔ̃ le anyigba dzi kple le dziƒoa te.”
12
Eyae wɔ anyigba kple eƒe ŋusẽ, etsɔ nunya ɖo xexea me gɔme anyi, eye wòtsɔ eƒe nugɔmesese keke dziƒo me.
13
Ne eɖe gbe la, dziŋgɔli me tsiwo dzea agbo. Enana be afu dona yia dzi tso anyigba ƒe mlɔenu ke. Ewɔ dzikedzo na tsidzadza, eye wònana be ya dona tso eƒe nudzraɖoƒe.
14
Ame sia ame dzɔ movi, eye medze si nu o. Sikanutula ɖe sia ɖe ƒe legbawo doa ŋukpee, elabe nu siwo wòtu la nye alakpa; agbe mele wo me o.
15
Nu dzodzro siwo nye kpɔfufluwo la wonye. Gbe si gbe woahe to na wo la, woatsrɔ̃.
16
Yakob ƒe gomekpɔla ya mele abe woawo ene o. Elabe eyae wɔ nuwo katã, eye Israel-to la nye eƒe domenyinu. Eŋkɔe nye Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la.
17
Mi ame siwo ŋu woɖe to ɖo, miƒo ƒu miaƒe agbawo miakɔ tso anyigba.
18
Elabe Aƒetɔ be: “Kpɔ ɖa, matsɔ anyigba sia dzi nɔlawo aƒu gbe azɔ. Mana woakpe fu, eye woasee le wo ɖokui me.”
19
“Baba nam le nu vevi si wɔm la ta. Abi la le veyem! Ke megblɔ be: Fukpekpe sia dze nam vavã, ɖeko mado dzi atsɔe.”
20
Wogblẽ nye agbadɔ, eye wotso eŋu kawo katã. Vinyewo dzo le gbɔnye; womegali o. Ame aɖeke megali atu nye agbadɔ nam, eye wòatsi nye agbadɔvɔwo o.
21
Elabe kplɔlaawo dzɔ lã, eye womebia gbe Aƒetɔ o. Eya ta nu medze edzi na wo o, eye woƒe alẽhawo katã ka hlẽ.
22
Miɖo to miase ɖa! Wobewobe aɖe le ɖiɖim! Kpɔ ɖa, egbɔna! Hoowɔwɔ gã aɖe le ɖiɖim tso dukɔ si le dzigbeme la gbɔ gbɔna. Woawɔ Yuda-duwo woazu gbegbe, akpatakuwo nɔƒe.
23
Aƒetɔ, menyae be amegbetɔ ƒe mɔ mele eya ŋutɔ si me o, eye mele amegbetɔ ŋutɔ ƒe ŋutete me be wòafia mɔ eɖokui o.
24
Aƒetɔ, he to nam ke megagbɔ eme o! Menye le dɔmedzoe me o! Ne menye nenem o la, matsrɔ̃ keŋkeŋ!
25
Trɔ wò dɔmedzoe la kɔ ɖe dukɔ siwo medze si wò kple ame siwo mesubɔa wò o la dzi. Elabe woamawoe vuvu Yakob. Wovuvui, eye wotsrɔ̃e gbidigbidi; eƒe nɔƒewo zu gbegbe.
← Chapter 9
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 11 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48
49
50
51
52