bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Jeremiah 48
Jeremiah 48
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 47
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 49 →
1
Gbedeasi ɖe Moab ŋu. Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla, Israel ƒe Mawu la be: “Baba na Nebo elabe wowɔe wòzu aƒedo. Wodo ŋukpe Kiryataim, eye woxɔe. Wodo ŋukpe mɔ́ la, eye womui ƒu anyi.
2
Womagakafu Moab azɔ o. Woɖo nugbe ɖe eŋu le Xesbon be: ‘Miva, mina míatsrɔ̃e ɖa, ne maganye dukɔ azɔ o!’ Wò, Madmen hã, woana ɖoɖoe azi le ŋuwò; aʋa ayɔ wò ɖe nu.”
3
“Miɖo to! Ɣli le ɖiɖim le Xoronaim me be: ‘Gbegblẽ kple tsɔtsrɔ̃ gã ye!’
4
Wotsrɔ̃ Moab! Wose ɣli si ɖi bobobo de Zoar ke!
5
Elabe wole avi fam lia Luxit-to dzi mɔ la, esime wole abu ɖim tso Xoronaim, wose woƒe tsɔtsrɔ̃ɣli la.
6
Misí! Mixɔ mia ɖokui ɖe agbe! Miwɔ abe gbetedzie le kegbegbe ene!
7
Elabe esi nèle dzi ɖom ɖe wò xɔ sesẽwo kple wò kesinɔnuwo ŋu ta la, woaɖu wò hã dziwò. Wò mawu Kemos ayi aboyo me hekpe ɖe eƒe trɔ̃nuawo kple amegãwo ŋu.
8
Nugblẽla ava gblẽ nu le du sia du me. Du aɖeke masí o, bali atsrɔ̃, eye woagblẽ gbegbewo abe ale si Aƒetɔ la gblɔe ene.”
9
“Mina aʋalawo Moab elabe ele dzodzo ge adzó. Eƒe duwo le aƒedo zu ge, ame aɖeke maganɔ wo me o.”
10
“Neɖi ame si le alɔgblɔdɔ wɔm le Aƒetɔ ƒe dɔ ŋu la ŋuti. Neɖi ame si gbe eƒe yi hehe ɖe go, be yemakɔ ʋu ɖi o la ŋuti kpékpekpe!”
11
“Moab li bɔkɔɔ tso eƒe ɖevime; eɖo ƒã ɖi kpoo abe aha ene. Wometrɔe tso eƒe goe me kɔ ɖe goe bubu me kpɔ, alo kplɔe yi aboyo me kpɔ o. Ale eƒe vivi la gale eme ko, eye eƒe ʋeʋẽ nyui la metrɔ o.”
12
Aƒetɔ be: “Eya ta, kpɔ ɖa, ɣeyiɣi gbɔna esime madɔ goetrɔlawo ɖa woava trɔe kɔ ɖi tso eƒe goeawo me, eye woagbã goeawo kakɛkakɛe.
13
Ekema ŋu akpe Moab le eƒe Kemos ta, abe ale si ŋukpe lé Israel hã le Betel si ŋu woɖoa dzi ɖo la ta ene.”
14
“Ale ke wɔ miele gbɔgblɔm be: ‘Kalẽtɔwo míenye, aʋakalẽawo míenye!’ mahã?
15
Nugblẽla si atsrɔ̃ Moab kple eƒe duwo la va ɖo vɔ. Wokplɔ eƒe ɖekakpui akuakuawo yi wuwu ge. Fia, si ŋkɔe nye Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla lae gblɔe.
16
Moab ƒe dzɔgbevɔ̃e gã la gogo, eye eƒe fukpekpe le du dzi gbɔna.
17
Mi dukɔ siwo katã ƒo xlãe la, mifa nɛ. Mi ame siwo katã nya eŋkɔ la, migblɔ be: ‘Ale wɔ eƒe atizɔti sesẽ la, eƒe atikplɔ nyakpɔ la ŋe?’ ”
18
“Wò Dibon-nɔla, ɖi tso wò bubunɔƒe nàva bɔbɔ nɔ anyigba! Elabe Moab-tsrɔ̃la ƒo ɖe dziwò vɔ; egbã wò mɔ́ sesẽwo gɔ̃ xoxo.
19
Wò Aroernɔla, va tsi tsitre ɖe mɔ to nànɔ nu kpɔm. Bia ŋutsu si le du dzi va yina kple nyɔnu si le sisím la be: ‘Nya kae dzɔ?’
20
Wodo ŋukpe Moab elabe wogbãe. Mifa avi; mido ɣli! Miɖe gbeƒã le Arnon-tɔsisi nu be wogbã Moab.”
21
“Wobu fɔ du siwo le tonyigba gbadza la dzi: Xolon, Yaza-Mefaat,
22
Dibo, Nebo kple Bet-Diblatayim,
23
Kiryataim, Bet-Gamul, Bet-Meon,
24
Keriot kple Bozra kpakple du siwo katã le didiƒe kple kpuiƒe siaa le Moab-nyigba dzi.
25
Woŋe dzo le Moab ta. Eƒe abɔ ŋe. Aƒetɔ lae gblɔe.
26
“Mina wòano amu, elabe evu eɖokui gblotoo ɖe Aƒetɔ ŋu, ale be Moab namli le nu si wòtru la me, ne woaɖe alɔ me le eya hã ŋu.
27
Ɖe Israel menye alɔmeɖenu na wò kpɔ oa? Ɖe wokpɔe le fiafiwo dome kpɔ, hafi ne ènya le nu ƒom le eŋu ko nènɔa ta ʋuʋuma?”
28
“Mi Moabnɔlawo, miʋu le duawo me ne miaɖanɔ agatowo me! Minɔ abe ahɔnɛ si wɔ atɔ ɖe agakpewo toga la ene.
29
Míese Moab ƒe dàda ŋkɔ; edàna ŋutɔ. Edoa eɖokui ɖe dzi glodzoo; eƒoa adegbe; edzraa eɖokui, eye eƒe dzi blenɛ.
30
Menya eƒe amemabumabu. Eɖia nu me alakpatɔe, eƒe nuwɔnawo nye alakpa.
31
Eya ta mele avi fam na Moab. Mele fafam na Moab bliboa, mele konyi fam na Kir-Xeres ŋutsuwo.
32
Sibma ƒe wainka, mele avi fam na wò wu Yazer. Wò alɔdzewo to ƒu la dzi ɖaɖo ƒu nu le keke Yazer ke. Ke nugblẽla la va ƒo ɖi le wò kutsetsegbeɣi kple wainxaɣi.
33
Dzidzɔkpɔkpɔ kple aseyetsotso nu tso le agble wɔnuwo me, le Moab-nyigba dzi. Mena wain nu tso le wainfiãnuwo me; ame aɖeke megafiãa wain kple aseyetsotso o. Ɣli aɖeke hã meganyea dzidzɔɣli o.”
34
“Ame siwo le Xesbon kple Eleale ƒe ɣli ɖi. Woƒe ɣlia de keke Yahaz ke, tso Zoar va ɖo Xoronaim kple Eglat Selisxiya ke hã, elabe Nimrim-tɔʋuwo gɔ̃ hã mie.
35
Aƒetɔ be: Matsrɔ̃ amewo le Moab, ame si saa vɔ le nuxeƒe, eye wòtɔa dzo lifi na eƒe mawu.
36
Eya ta nye dzi le nu xam le Moab ta abe dze kum wole ene, eye nye dzi le nu xam le Kir-Xerestɔwo ta abe konyifala si le dze kum la ene. Eya ta kesinɔnu si su wo si la ƒe ɖekeɖeke megali o.”
37
“Elabe woƒlɔ ta ɖe sia ɖe, eye wolũ ge ɖe sia ɖe. Abi kuku teƒe le woƒe asiwo ŋu, eye wosa akpanya ɖe ali.
38
Amewo le xɔta kple ablɔwo me le afi sia afi le Moab le nu xam, elabe megbã Moab abe ze si ame aɖeke mehiã o la ene. Aƒetɔ lae gblɔe.
39
Kpɔ ale si wogbãe la ɖa! Kpɔ ale si wòle avi fam hehehe la ɖa! Kpɔ ale si ŋu kpe Moab, wòtrɔ megbe la ɖa! Ale Moab zu alɔmeɖenu kple ŋɔdzinu na dukɔ siwo katã ƒo xlãe godoo.”
40
Elabe Aƒetɔ be: “Kpɔ ɖa, futɔ aɖe adzo sesĩe, abe hɔ̃e le nu ƒo ge ene, eye wòakeke eƒe aʋala ɖe Moab ŋu.
41
Aɖu duwo dzi, eye wòaxɔ mɔ́ sesẽwo. Gbe ma gbe la, Moab ƒe aʋakalẽawo ƒe dzi anɔ abe nyɔnu si le ku lém la tɔ ene.
42
Woatsrɔ̃ Moab, eye maganye dukɔ azɔ o; elabe edo eɖokui ɖe dzi glodzoo ɖe Aƒetɔ ŋu.
43
Moabnɔlawo, ŋɔdzi, ʋe kple mɔ̀ le mia ŋgɔ. Aƒetɔ lae gblɔe.
44
Ame si sí le ŋɔdzi nu la, adze ʋe la me; ame si do le ʋe la me la, mɔ̀ la aɖee; elabe meɖo be mahe nu siawo ava Moab dzi le ƒè si me mahe to na wo la.” Aƒetɔ lae gblɔe.
45
“Ame síaʋa siwo ŋu wɔna vɔ le la, tɔ te ɖe Xesbon ƒe vɔvɔli me; elabe dzo le bibim tso Xesbon yina. Dzoa tso Sixon ƒe aƒeme. Dzoa fiã Moab ƒe liƒowo kple ame siwo dɔa aʋa la ƒe fiakuku.
46
Moab, baba na wò! Wò, Kemos subɔla, wotsrɔ̃ wò elabe woɖe aboyo viwò ŋutsuwo, eye wokplɔ viwò nyɔnuwo yi aboyo me.
47
Ke hã la, mana Moab ƒe nunyonamewo agava nɛ emegbe.” Aƒetɔ lae gblɔe. Afi siae wodrɔ̃ ʋɔnu Moab se ɖo.
← Chapter 47
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 49 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48
49
50
51
52