bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Jeremiah 51
Jeremiah 51
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 50
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 52 →
1
Aƒetɔ be: “Kpɔ ɖa, maʋuʋu nugblẽla aɖe ƒe gbɔgbɔ wòatso ɖe Babilon ŋu, wòatso ɖe ame siwo le Kaldea la ŋu.
2
Maɖo nugbɔlawo ɖe Babilon, eye woagbɔe. Woana eƒe anyigba la naɖi ƒuƒlu, ne wova dze wo dzi tso akpa sia akpa le xaxagbe ma.
3
Migana aŋutrɔdala navu eƒe da me o, eye migana wòado eƒe gawu o. Migagblẽ woƒe ɖekakpuiwo ɖi o; mitsrɔ̃ eƒe aʋakɔ blibo la keŋkeŋ.
4
Woadze anyi atsi aʋa le Kaldea-nyigba dzi, eye woade abi wo ŋu ɖe eƒe ablɔwo me.
5
Elabe Mawu, Aƒetɔ Aʋakɔwokplɔla la, megblẽ Israel-dukɔ kple Yuda-dukɔ ɖi o, gake fɔɖiɖi ɖe Israel ƒe Kɔkɔetɔ la ŋu yɔ Kaldeatɔwo ƒe anyigba la dzi.”
6
“Misí dzo le Babilon! Mina ame sia ame naɖe eya ŋutɔ ƒe agbe! Mele be miatsrɔ̃ ɖe eƒe fɔɖiɖi ta o, elabe Aƒetɔ ƒe hlɔ̃biaɣie nye esia. Nu si wòwɔ la teƒe ɖom wole nɛ.
7
Babilon le abe sikakplu ene le Aƒetɔ ƒe asi me, eye wòna xexea me katã mu aha. Dukɔwo no eƒe wain eya ta woƒe susu tɔtɔ.
8
Kasia Babilon ge dze anyi hegbã! Mifa avi vevie ɖe eŋu. Mitsɔ atike bla abiawo nɛ kpɔ, ɖewohĩ ahaya.
9
Ɖe míedi be míada gbe le Babilon ŋu hafi, ke mete ŋu haya o. Migblẽe ɖi, eye mina ame sia ame nadzo yi eya ŋutɔ wo de. Elabe eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ de dziƒo ke, eye wòyi ɖatɔ dziŋgɔli gɔ̃.
10
Aƒetɔ tso afia na mí. Miva, mina míayi Zion aɖagblɔ dɔ si Aƒetɔ, mía Mawu la wɔ.”
11
“Minyre aŋutrɔawo! Mitsɔ akpoxɔnuawo! Aƒetɔ ʋuʋu Media-fiawo ƒe gbɔgbɔ be woatso elabe eɖo tame ɖe Babilon ŋu be woatsrɔ̃e. Aƒetɔ ƒe hlɔ̃biabia ye nye ema, hlɔ̃biabia ɖe eƒe gbedoxɔ nu wònye.
12
Mitu aflaga ɖe Babilon-gliwo dzi! Mina dzɔlaawo nasɔ gbɔ ɖe edzi! Mida gbetakpɔlawo ɖe wo nɔƒe! Mina amewo nade xa ɖi! Elabe Aƒetɔ wɔ nu si wògblɔ be yeɖo be yeawɔ Babilontɔwo la wu enu.
13
Mi tɔ geɖewo to nɔlawo, mi ame siwo si kesinɔnu xɔasiwo le fũu, miaƒe nuwuwu ɖo; wotso miaƒe agbe ƒe ka.
14
Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla tà eya ŋutɔ ɖokui gblɔ be: Ne nyemekplɔ aʋakɔwo vɛ kpaŋkpaŋkpaŋ, abe ʋetsuviwo ene va ƒo ɖe anyigba sia dzi taŋ, eye woƒe dziɖuɣli ɖi ɖe mia ŋu hoo o fĩi!”
15
“Eyae wɔ anyigba kple eƒe ŋusẽ, etsɔ nunya ɖo xexea me gɔme anyi, eye wòtsɔ eƒe nugɔmesese keke dziƒo me.
16
Ne eɖe gbe la, dziŋgɔli me tsiwo dzea agbo. Enana be afu dona yia dzi tso anyigba ƒe mlɔenu ke. Ewɔ dzikedzo na tsidzadza, eye wònana be ya dona tso eƒe nudzraɖoƒe.
17
Ame sia ame dzɔ movi, eye medze si nu o. Sikanutula ɖe sia ɖe ƒe legbawo doa ŋukpee, elabe nu siwo wòtu la nye alakpa; agbe mele wo me o.
18
Nu dzodzro siwo ɖi kokoe la wonye. Gbe si gbe woahe to na wo la, woatsrɔ̃.
19
Yakob ƒe gome ya mele abe woawo ene o. Elabe eyae wɔ nuwo katã, eye Israel-to la nye eƒe domenyinu. Eŋkɔe nye Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la.”
20
“Wòe nye nye zu, nye aʋawɔnu: Wòe metsɔna gbãa dukɔwoe gudugudu; wòe metsɔna tsrɔ̃a fiaɖuƒewoe.
21
Wòe metsɔna gbãa sɔ kple sɔdola; wòe metsɔna gbãa tasiaɖam kple ekula gudugudu.
22
Wòe metsɔna gbãa ŋutsu kple nyɔnu gudugudu, wòe metsɔna gbãa ame tsitsi kple ɖevi gudugudu, wòe metsɔna gbãa ɖekakpui kple ɖetugbi gudugudu.
23
Wòe metsɔna gbãa alẽkplɔla kple eƒe alẽha gudugudu, wòe metsɔna gbãa agbledela kple eƒe lãwo gudugudu, wòe metsɔna gbãa anyigbanunɔla kple eƒe amegãwoe gudugudu.”
24
“Maɖo eteƒe na Babilon kple Kaldea-nyigba dzi nɔlawo katã le miawo ŋutɔ ŋkume miakpɔ, le nuvɔ̃ɖi siwo katã wowɔ le Zion la ta. Aƒetɔ lae gblɔe.”
25
“Kpɔ ɖa, wò to si gblẽa nu, metso ɖe ŋuwò, Aƒetɔ lae gblɔe, wòe tsrɔ̃ xexea me katã. Mado asi ɖa ahamli wò tso agakpe dzi aƒu anyi awɔ wò nànye to si fiã la.
26
Womatsɔ wò kpe aɖeke awɔ dzogoedzikpee loo, alo atsɔ ɖe awɔ gɔmeɖokpee o. Ke boŋ ànye gbegbe tegbee.” Aƒetɔ lae gblɔe.
27
“Mitu aflaga ɖe anyigba la dzi! Miku kpẽ le dukɔwo dome! Midzra dukɔwo ɖo ɖe eŋu, ne woawɔ aʋa kplii. Miyɔ Ararat, Mini kple Askenaz fiaɖuƒewo vɛ ɖe eŋu. Miɖo aʋakplɔla ɖe eŋuti. Mikplɔ sɔwo vɛ fũu abe ʋetsuvi tofuwo ene.
28
Midzra dukɔwo ɖo ɖe eŋu ne woawɔ aʋa kplii. Miyɔ Media-fiawo kple woƒe anyigbanunɔlawo kpakple woƒe kpeɖeŋutɔwo hekpe ɖe anyigba ɖe sia ɖe si le woƒe dziɖuɖu te la vɛ.
29
Tete anyigba la dzo nyànyanya, eye wòle veve sem; elabe Aƒetɔ ƒe tame si wòɖo ɖe Babilon ŋu le te, be Babilon-nyigba nazu gbegbe, eye ame maganɔ edzi o.
30
Babilon ƒe aʋawɔlawo dzudzɔ aʋawɔwɔ, eye wonɔ anyi ɖe woƒe mɔwo me. Ŋusẽ vɔ le wo ŋu; wozu nyɔnugbɔmewo. Wotɔ dzo enɔƒewo, eye woŋe eƒe gametiwo.
31
Duƒula le du dzi yi ɖakpe bubu, eye amedɔdɔ yi ɖakpe bubu, be woagblɔ na Babilon-fia be futɔwo xɔ eƒe dua tso akpa sia akpa.
32
Woxɔ tɔtsoƒewo, eye wotɔ dzo teƒe siwo tsi xɔna; ŋɔdzi lé aʋawɔlawo.
33
Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla, Israel ƒe Mawu la be: Babilon vinyɔnu la le abe lugbɔƒe le ɣe si ɣi wole eme ƒom da ɖi ene. Esusɔ vie ko ne eƒe nuŋeɣi naɖo.”
34
Mina Zion-nɔla nagblɔ be: “Nebukadnezar, Babilon-fia la vuvum; egbãm gudugudu. Ewɔm mezu goe ƒuƒlu; emim abe ʋɔ ene. Eɖu nye nu viviwo ɖi ƒo, eye wòtum ƒu gbe.
35
Woneɖo ŋuta si wosẽ le nye kple nye ƒometɔwo ŋu la teƒe na Babilon.” Mina Yerusalem nagblɔ be: “Woneɖo nye ʋu si wokɔ ɖi la teƒe na Kaldeatɔwo.”
36
Eya ta Aƒetɔ be: “Kpɔ ɖa, maxɔ miaƒe nya ɖe akɔ, eye mabia hlɔ̃ na mi. Mana eƒe atsiaƒu namie, eye eƒe tsidzɔƒe hã naƒu.
37
Babilon azu glikpo ɖi, anye akpatakuwo nɔƒe. Azu ŋɔdzinu si ŋu woaʋuʋu ta ɖo, eye ame maganɔ eme o.”
38
“Wo katã woado ɣli hoo abe dzatawoe le gbe ɖem ene, eye woate gbe abe dzataviwo ene.
39
Ne nu tsu ɖuɖu le wo dzrom la, maɖo nuɖukplɔ̃ gã na wo, eye mana woamu aha anɔ dzidzɔ kpɔm. Eyome woadɔ alɔ̃ mavɔ; womaganyɔ akpɔ o. Aƒetɔ lae gblɔe.
40
Makplɔ wo abe alẽviwo, agbowo kple gbɔ̃tsu ene ava lãwuƒee.”
41
“Mikpɔ ale si woxɔ Sesax la ɖa! Mikpɔ ale si asi su du si xexea me katã kafuna la dzi ɖa! Babilon va zu ŋɔdzinu le dukɔwo dome!
42
Atsiaƒu ƒo ɖe Babilon dzi, eye ƒutsotsoewo nyra, nyè tsyɔ edzi.
43
Eƒe duwo zu ŋɔdzinu; eƒe anyigba zu kuɖiɖinyigba kple kegbegbe, anyigba si dzi ame aɖeke megale o, eye amegbetɔ vi aɖeke megatonɛ yina o.
44
Mahe to na Bel, le Babilon, eye maɖe nu si wòmi la tso eƒe nu me. Dukɔwo magaƒo zi ɖe eŋu azɔ o. Babilon ƒe gliwo mu.”
45
“Nye dukɔ, mido le eme. Mina ame sia ame naxɔ eɖokui ɖe agbe tso Aƒetɔ ƒe dziku helihelĩ la nu.
46
Wobewobe ɖina hekakana ɖe anyigba dzi ƒe sia ƒe be wole ŋutasẽnuwo wɔm, eye dziɖula tsona ɖe dziɖula ŋu. Ne miese wobewobe siawo le anyigbaa dzi la, dzi megaɖe le mia ƒo o, eye vɔvɔ̃ megaɖo mi o.
47
“Eya ta, kpɔ ɖa, ɣeyiɣi gbɔna esime mahe to na Babilon ƒe legbawo. Ŋu akpe anyigba blibo la, eye eƒe ame siwo katã wowu atsi anyigba.
48
Tete nu siwo katã le dziƒowo kple anyigba dzi atso aseye dzidzɔtɔe ɖe Babilon ŋu elabe nugblẽlawo atso dzigbeme ava ɖe wo ŋu, Aƒetɔ lae gblɔe.
49
Ele be woagbã Babilon le ame siwo wòwu le Israel ta. Babilon ye na ame geɖe tsi aʋa le anyigba bliboa dzi.”
50
“Mi ame siwo tsi agbe tso aʋa me, midzo yi! Migatɔ ɖi o! Miɖo ŋku Aƒetɔ dzi le adzɔge, eye mina Yerusalem nanɔ miaƒe susu me:
51
‘Wodo ŋukpe mí elabe wodo vlo mí, míese. Bubu klo ɖa le mía ŋu, elabe amedzrowo ge ɖe teƒe kɔkɔe siwo le Aƒetɔ ƒe aƒe la me.’ ”
52
“Eya ta, Aƒetɔ be: Kpɔ ɖa, ɣeyiɣi gbɔna esime mahe to na woƒe legbawo, eye abixɔlawo anɔ ŋèŋem le anyigba blibo la dzi.
53
Togbɔ be Babilon alia yi dziŋgɔli me, eye wòana eƒe mɔ́ kɔkɔawo nagasẽ ɖe edzi hã la, nugblẽlawo atso gbɔnye aƒo ɖe edzi,” Aƒetɔ lae gblɔe.
54
“Miɖo to! Ɣli aɖe ɖi le Babilon! Nane mu gbloo le Kaldeatɔwo ƒe anyigba dzi!
55
Elabe Aƒetɔ le Babilon tsrɔ̃m, eye wòle eƒe hoowɔwɔ vivivo nu tsim. Eƒe tsitsotsoewo le abe tɔ gãwo tɔ ene, eye woƒe gbeɖeɖe nu sẽ.
56
Elabe nugblẽla ƒo ɖe edzi, eƒo ɖe Babilon dzi, eye wòlé eƒe aʋawɔlawo. Woŋe woƒe datiwo klíklikli, elabe Aƒetɔ la, Mawu nuteƒeɖola wònye. Ele eteƒe ɖo ge wòade go.
57
Mana woƒe amegãwo kple nunyalawo namu aha. Woƒe anyigbanunɔlawo, aʋakplɔlawo kple aʋawɔlawo hã amui. Woadɔ alɔ̃ tegbee; womanyɔ o.” Fia si ŋkɔ nye Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla lae gblɔe.
58
“Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la be: Woagbã Babilon-gli kekeawo woasɔ kple anyigba, eye woatɔ dzo eƒe agbo kɔkɔawo. Dukɔawo wɔ dɔ ɖe ya me, eye wodagba wo ɖokui wɔ dɔ dzo va fiã.”
59
Esiae nye nya si gbeƒãɖela Yeremya tsɔ de se na Seraya, Neriya vi, Maxseya vi, esime eya kple Yuda-fia Zedekiya wozɔ mɔ yi Babilon, le Zedekiya ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒè enelia me. Serayae nye dzeƒeŋuɖoɖowɔla la.
60
Yeremya ŋlɔ dzɔgbevɔ̃e siwo katã ava Babilon dzi la ɖe agbalẽ me kple nya siwo ku ɖe Babilon ŋu la ɖe eme.
61
Yeremya gblɔ na Seraya be: “Ne èɖo Babilon la, kpɔ egbɔ be nèxlẽ nya siawo katã.
62
Azɔ gblɔ be: ‘Aƒetɔ, wò ŋutɔe gblɔ le teƒe sia ŋu be yeatsrɔ̃e, ne amegbetɔ alo lã aɖeke naganɔ anyi o, eye wòanye gbegbe tegbee.’
63
Ne èxlẽ agbalẽ sia vɔ la, bla kpe ɖe eŋu nàtsɔe ƒu gbe ɖe Frat-tɔsisi me,
64
eye nàgblɔ be: ‘Babilon-du ayi to alea, eye magafɔ akpɔ o le dzɔgbevɔ̃e siwo he ge mala ava edzi la ta.’ ” Yeremya ƒe nyawo ƒe nuwuwue nye esi.
← Chapter 50
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 52 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48
49
50
51
52