bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Jeremiah 33
Jeremiah 33
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 32
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 34 →
1
Esime Yeremya gale gaxɔ me le dzɔlawo ƒe xɔxɔnua la, Aƒetɔ ƒo nu nɛ zi evelia be:
2
“Aƒetɔ, ame si wɔ xexea me, eya ame si trɔ asi le eŋu be wòanɔ te ɖaa, ame si ŋkɔ nye Aƒetɔ la be:
3
Yɔm, ekema matɔ na wò, eye maɖe nu gã kako, siwo mènya o la, afia wò.
4
Elabe nya si Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔ ɖe du sia me xɔwo kple Yuda-fiawo ƒe xɔ siwo wogbã be woatsɔ ʋli dua ta, le futɔwo ƒe kpo si woƒu le aʋaa wɔwɔ ta la ŋu be:
5
Kaldeatɔwo gbɔna ava wɔ aʋa, eye woalɔ ame siwo mewu le dziku kple dɔmedzoe me la ƒe kukuawo akɔ ɖe xɔawo me woayɔ, elabe meɣla nye mo ɖe du sia le woƒe vɔɖivɔ̃ɖinyenyewo katã ta.
6
Kpɔ ɖa, mahe lãmesẽ kple dɔyɔyɔ vɛ, eye mada gbe le wo ŋu. Mana nu nasu wo si fũu, eye woanɔ anyi le dziɖeɖi blibo me.
7
Magbugbɔ Yuda-dukɔ kple Israel-dukɔ ƒe nu nyuiwo vɛ na wo, eye magaɖo wo te abe tsã ene.
8
Maklɔ nuvɔ̃ siwo katã wowɔ ɖe ŋunye la ɖa le wo ŋu, eye matsɔ nuvɔ̃ si wowɔ ɖe ŋunye kple aglã si wodze ɖe ŋunye la ƒe fɔɖiɖi ake wo.
9
Du sia anye dzidzɔŋkɔ, kafukafu kple bubu nam le dukɔwo katã ŋkume le anyigba dzi, ne wose nu nyui siwo katã mewɔ na wo la. Woavɔ̃, adzo nyànyanya le nyui kple nunyoname siwo katã menae la ta.”
10
Aƒetɔ be: “Miele gbɔgblɔm le teƒe sia ŋu be: ‘Ezu gbegbe, amegbetɔ alo lã aɖeke megali o’, le Yuda-duwo kple Yerusalem ƒe ablɔ siwo le ƒuƒlu, eye amegbetɔ alo lãwo megale wo me o la, afi ma miagase
11
ŋugbetɔsrɔ̃ ƒe gbe kple ŋugbetɔ ƒe gbe, miase amewo ƒe hadzidzi, eye woatsɔ akpedadanunanawo ava Aƒetɔ ƒe aƒeme anɔ gbɔgblɔm be: ‘Mida akpe na Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la, elabe eƒe dɔme nyo, eye eƒe amenuveve li tegbee!’ Elabe magagbugbɔ anyigba la ƒe nunyonamewo nɛ abe tsã ene.” Aƒetɔ lae gblɔe.
12
Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la be: “Teƒe sia kple eƒe duwo katã siwo zu gbegbe, eye amegbetɔ alo lã aɖeke meli o la, aganye nɔƒe na alẽkplɔlawo kple woƒe alẽwo, afi si woagbɔ ɖe eme le.
13
Alẽhawo agato wo xlẽla ƒe asi te le du siwo le togbɛnyigbawo dzi, du siwo le Yuda ƒe anyigbeme, du siwo le anyigbemekegbegbe, le Benyamin-nyigba dzi, teƒe siwo ƒo xlã Yerusalem kple du siwo le Yuda.” Aƒetɔ lae gblɔe.
14
Aƒetɔ be: “Kpɔ ɖa, ɣeyiɣi gbɔna, esime mawɔ ŋugbe si medo na Israel-dukɔ kple Yuda-dukɔ la dzi.
15
Le ɣe ma ɣi me la, mana Atilɔ, nu dzɔdzɔe wɔla aɖe nadze na David. Eya adrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe eye wòawɔ nu dzɔdzɔe le anyigba la dzi.
16
Woaxɔ Yuda ɖe agbe, eye Yerusalem anɔ anyi le tomefafa me le ɣe ma ɣi me. Ŋkɔ si woayɔ nɛ lae nye: ‘Aƒetɔ, míaƒe nu dzɔdzɔe wɔwɔ.’ ”
17
Elabe Aƒetɔ be: “David ƒe dzidzimevi si aɖu fia le eƒe fiazikpui dzi la, nu matso akpɔ o,
18
eye nunɔlawo atso Levi viwo dome ɣe sia ɣi asubɔm, asa numemevɔ, atɔ dzo nuɖuɖuvɔ, eye woasa vɔ le ŋkunye me tegbee.”
19
Aƒetɔ gblɔ na Yeremya be:
20
Aƒetɔ be: “Ne àte ŋu tu nye nubabla kple ŋkeke kple nye nubabla kple zã be ŋu nake le ekeɣi, eye zã nado le edoɣi la,
21
ekema nye nu, si mebla kple nye dɔla David hã atu eye eƒe dzidzimevi aɖeke maganɔ eƒe fiazikpui dzi o, eye nye nu, si mebla kple Levi viwo, nye nunɔlawo hã atu.
22
Ale si womate ŋu axlẽ dziƒo ŋu nuwo, eye womate ŋu adzidze ƒutake o la, nenemae madzi nye dɔla David kple Levi viwo, ame siwo subɔam la, ƒe dzidzimeviwo ɖe edzii.”
23
Aƒetɔ gblɔ na Yeremya be:
24
“Mèlé to ɖe nya si gblɔm ame siawo le la ŋu oa? Wobe: ‘Aƒetɔ gbe ƒome eve siwo wòtia la.’ Ale wole alɔ me ɖem le nye dukɔ ŋu, eye womeganye dukɔ le wo ŋkume azɔ o.
25
Aƒetɔ be: Ne nyemebla nu kple ŋkeke kple zã, eye nyemewɔ ɖoɖo na dziƒo kple anyigba o la,
26
ekema magbe Yakob kple nye dɔla David ƒe dzidzimeviwo. Nyematia David ƒe dzidzimevi aɖeke be wòaɖu Abraham, Isak kple Yakob ƒe dzidzimeviwo dzi o. Elabe magbugbɔ woƒe nunyonamewo na wo, eye makpɔ nublanui na wo.”
← Chapter 32
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 34 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48
49
50
51
52