bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Jeremiah 21
Jeremiah 21
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 20
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 22 →
1
Aƒetɔ gblɔ nya sia na Yeremya, esime Zedekiya, Yuda-fia dɔ Pasxur, Malkiya vi kple nunɔla Zefanya, Maaseya vi ɖo ɖee be:
2
“Bia gbe Aƒetɔ na mí elabe Nebukadnezar, Babilon-fia le aʋa wɔm kpli mí. Ɖewohĩ Aƒetɔ ave mía nu to eƒe nukudɔwo katã me, esi ana wòagbugbɔ adzo le mía gbɔ.”
3
Tete Yeremya gblɔ na wo be:
4
“Migblɔ na Zedekiya be Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la be: ‘Kpɔ ɖa, mana miaƒe aʋawɔnu siwo le mia si mietsɔ le aʋaa wɔm le glia godo kple Babilon-fia kple Kaldeatɔwo, ame siwo xaxa mi ɖo la, natrɔ agbɔ, eye maƒo wo nu ƒu ɖe du sia titina.
5
Nye ŋutɔ matsɔ alɔ si le dzi kple abɔ sesẽ awɔ aʋa kpli mi le dziku, nyanyra kple dɔmedzoe gã me.
6
Mele du sia me nɔlawo, amegbetɔwo kple lãwo siaa, wu ge. Matsɔ dɔ vɔ̃ dziŋɔ atsrɔ̃ wo.
7
Aƒetɔ be esia megbe la, matsɔ Yuda-fia Zedekiya, eƒe dɔlawo, ame siwo le du sia me kple ame siwo atsi agbe tso dɔ vɔ̃a, aʋawɔwɔa kple dɔwuamea si me la, ade fia Nebukadnezar kple woƒe futɔwo kpakple ame siwo le woƒe ku dim la si me. Nebukadnezar awu wo kple yi ɖaɖɛ. Makpɔ nublanui na wo, ave wo nu loo, alo aɖe asi le wo ŋu o.’ ”
8
“Gblɔ na ame siawo be: ‘Aƒetɔ be: Kpɔ ɖa, metsɔ agbemɔ kple kumɔ le mia ŋkume ɖom.
9
Ame si tsi du sia me la, atsi aʋa loo, alo aku le dɔwuame alo dɔ vɔ̃ si me. Gake ame si do yi ɖatsɔ eɖokui na Kaldeatɔ siwo ɖe to ɖe dua la, atsi agbe, eye eƒe agbe anɔ abe nunana tso aʋagbedzi ene.
10
Aƒetɔ be: Elabe meɖoe kplikpaa be mawɔ vɔ̃ du sia, ke menye nyui o. Madee asi na Babilon-fia ne wòatɔ dzoe.’ ”
11
“Gblɔ na Yuda-fia ƒe aƒe be: ‘Mise Aƒetɔ ƒe nya:
12
David ƒe ƒome, Aƒetɔ be: Midrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe ŋdi sia ŋdi, eye mixɔ na ame siwo woda dzoe tso ameteɖeanyilawo si me. Ne menye nenem o la, nuvɔ̃ɖi siwo wɔm miele la ana nye dɔmedzoe abi ɖe mia ŋu, eye ame aɖeke mate ŋu atsii o.’ ”
13
“Kpɔ ɖa, metso ɖe ŋuwò, wò balimenɔla, wò agakpe si le gbadzaƒe. Aƒetɔ lae gblɔe. Wò si le gbɔgblɔm be: ‘Ame ka aɖi ava dze mía dzi? Ame kae ate ŋu ava mía nɔƒe?’
14
Mahe to na mi ɖe nu siwo miewɔ la ƒe metsonuwo nu. Aƒetɔ lae gblɔe. Matɔ dzo eƒe ave la, eye dzoa abi nu siwo katã ƒo xlãe.”
← Chapter 20
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 22 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48
49
50
51
52