bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Jeremiah 8
Jeremiah 8
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 7
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 9 →
1
Aƒetɔ be: “Ɣe ma ɣi la, woaho Yuda-fiawo, woƒe amegãwo, nunɔlawo kple gbeƒãɖelawo kpakple Yerusalemnɔlawo ƒe ƒuwo tso woƒe yɔdowo me.
2
Woasia wo ɖe ɣe kple ɣleti kpakple dziƒo ŋu nuwo katã nu. Nu siawo ƒe nya wolɔ̃, eye wosubɔ, nu siawo yome wodze, wodi, eye wode ta agu na. Womaƒo wo nu ƒu loo, alo aɖi wo o. Woazu abe lãmí ene ɖe anyigba dzi.
3
Dukɔ vɔ̃ɖi sia ƒe ame siwo katã susɔ ɖe teƒe siwo katã menyà wo ɖo ɖa la, adi be yewoaku boŋ wu be yewoanɔ agbe.” Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla lae gblɔe.
4
Gblɔ na wo be, Aƒetɔ be: “Ne ame dze anyi la, ɖe megafɔna oa? Ne ame aɖe tra mɔ la, ɖe megagbugbɔna oa?
5
Ke nu ka ta nye dukɔ ya tra mɔ dzo le gbɔnye, eye wògbe kokoko be yemagbugbɔ ava o? Woxɔ ameblenya dzi se, eye wogbe tɔtrɔ.
6
Meɖo to nyuie be mase nya aɖe, ke womeƒo nu nyuie o. Ame aɖeke metrɔ dzime tso eƒe nuvɔ̃ɖi wɔwɔ gbɔ hebia be: ‘Nu kae nye esi mewɔ?’ hã o. Ame sia ame lé eƒe mɔ tsɔ abe sɔ si lũ ɖe aʋa me ene.
7
Damixe gɔ̃ hã nya eƒe ɣeyiɣi. Nenema ke ahɔnɛ, sagbadre kple tsalɛ nya woƒe ʋuʋuɣi ayi teƒe bubu. Gake nye dukɔ ya menya Aƒetɔ ƒe ɖoɖowo o.”
8
“Ale ke wɔ miegblɔ be: ‘Míenye nunyalawo, eye Aƒetɔ ƒe se la le mía si me?’ Ke mikpɔ ɖa, agbalẽŋlɔlawo ƒe nuŋlɔti trɔ se la wòzu aʋatso.
9
Ŋu akpe nunyalawo, dzi aɖe le wo ƒo, eye asi atu wo. Kpɔ ɖa, wogbe Aƒetɔ ƒe nya, ke nunya kae le wo si?
10
Eya ta matsɔ wo srɔ̃wo ana ame bubuwo, eye matsɔ woƒe agble ana ame siwo ɖu wo dzi le aʋa me. Elabe wo katã woklẽa ŋu ɖe viɖe madzɔmadzɔ kpɔkpɔ ŋuti, tso ame gblɔewo dzi va se ɖe ame ŋkutawo dzi, eye tso gbeƒãɖelawo dzi va se ɖe nunɔlawo dzi, ame sia ame nye alakpanuwɔla.
11
Womelé be na nye dukɔ ƒe abi klɔ nyuie o. Wogblɔna be: ‘Ŋutifafa! Ŋutifafa!’ Esime ŋutifafa aɖeke meli o hafi.
12
Ɖe ŋu kpe wo, esi wowɔ ŋunyɔnua? Kpao, ŋu mekpe wo kura o. Womenya ŋukpe o, eya ta woadze anyi ɖe anyidzelawo ti. Ne mehe to na wo la, woaɖe wo ɖa. Aƒetɔ lae gblɔe.
13
Aƒetɔ be: Ɣe si ɣi medi be maƒo wo nu ƒu la, kutsetsewo menɔ wainka la ŋu loo, alo gboti la dzi o. Woƒe aŋgbawo gɔ̃ hã yrɔ, eye nu si metsɔ na wo la ge le wo si.”
14
Nu ka tae míegale anyinɔƒe kokoko? Miva ƒo ƒu, mina míyi du sesẽwo me, aɖatsrɔ̃ ɖe afi ma. Elabe Aƒetɔ, mía Mawu la, ɖoe be míatsrɔ̃ godoo. Ekpe tsi si me aɖi le la na mí be míano elabe míewɔ vɔ̃ ɖe eŋu.
15
Míele mɔ kpɔm na ŋutifafa, ke nu nyui aɖeke meva o; míele mɔ kpɔm na hayahaya, ke kpɔ ɖa, ŋɔdzi ye.
16
“Woƒe sɔwo ƒe gbɔgbɔ fuxefuxe le ɖiɖim tso Dan. Woƒe sɔtsuwo ƒe xɔxlɔ̃ ʋuʋu anyigba blibo la. Wova vuvu anyigba la kple edzinuwo katã, dua kple emenɔlawo siaa.
17
Elabe, kpɔ ɖa, mele dawo, dakpui siwo ŋu gbesa mate ŋu aɖi o la ɖom ɖe mia dome, eye woaɖu mi.” Aƒetɔ lae gblɔe.
18
Naneke matsi nye nuxaxa nu o; nu te nye dzi ŋu le menye.
19
Ɖo to nàse nye dukɔ vinyɔnu ƒe ɣli ɖa! Ele ɖiɖim le anyigba la ƒe afi sia afi be: “Ɖe Aƒetɔ mele Zion oa? Ɖe eƒe Fia la mele eme oa?” “Nu ka tae wodo dziku nam kple woƒe aklama kpakpɛwo kple dutalegbawo?”
20
“Nuŋeɣi va yi, dzomeŋɔli wu nu; ke womexɔ na mí o!”
21
Elabe abi si nye dukɔ vinyɔnu xɔ na nye dzi gbã. Mexa nu ʋuu; dzi ɖe le ƒonye keŋ.
22
Ɖe atike aɖeke mele Gilead oa? Gbedala aɖeke mele afi ma oa? Ke nu ka ta womada gbe le nye dukɔ vinyɔnu ŋu o?
← Chapter 7
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 9 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48
49
50
51
52