bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Jeremiah 39
Jeremiah 39
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 38
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 40 →
1
Le Yuda-fia Zedekiya ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒè asiekelia ƒe ɣleti ewolia me la, Babilon-fia Nebukadnezar kple eƒe aʋakɔ blibo la ho va ɖe to ɖe Yerusalem.
2
Le Zedekiya ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒè wui ɖekɛlia ƒe ɣleti enelia ƒe ŋkeke asiekea gbe la, woŋɔ dua ƒe gli la.
3
Esi woxɔ Yerusalem-dua la, Babilon-fia ƒe amegãwo katã va bɔbɔ nɔ anyi ɖe agbo dometɔ nu: Nergal-Sarezer, Samgar-Nebo, Sarsexim, ame si nye ame tatawo dzikpɔla kple Nergal-Sarezer, trɔ̃nuawo ƒe tatɔ hekpe ɖe Babilon-fia ƒe amegã bubuawo katã ŋu.
4
Esi Yuda-fia Zedekiya kple aʋawɔlaawo katã kpɔ wo la, wosí le zã me to fia ƒe abɔ me dzo. Woto mɔ si to gli eveawo dome heɖo ta Araba me.
5
Ke Kaldeatɔwo ƒe aʋakɔ ti wo yome, eye wotu Zedekiya le Yerixo-gbegbe. Esi wolée la, wokplɔe vɛ na Babilon-fia Nebukadnezar le Ribla le Xamat-nyigba dzi, eye wòdrɔ̃ ʋɔnu bu fɔe.
6
Babilon-fia wu Zedekiya viŋutsuwo le eŋkume le Ribla. Babilon-fia wu bubume siwo katã le Yuda la hã.
7
Eho ŋku le to me na Zedekiya, eye wòna wode kɔsɔkɔsɔe be yeakplɔe ayi Babilonia.
8
Kaldeatɔwo tɔ dzo fia ƒe aƒe kple aƒe siwo le dua me la, eye womu Yerusalem-dua ƒe gliwo ƒu anyi.
9
Tete fia ŋu srafowo ƒe tatɔ, Nebuzaradan, ɖe aboyo ame siwo susɔ ɖe dua me, ame siwo dzo yi egbɔ xoxo la, hekpe ɖe ame siwo tsi anyi la ŋu, eye wòkplɔ wo yi Babilon.
10
Nebuzaradan gblẽ dukɔa ƒe ame dahe siwo si nunɔamesi gobi aɖeke mele o la dometɔ aɖewo ɖe Yuda-nyigba dzi, eye wòtsɔ waingblewo kple agblewo na wo.
11
Babilon-fia Nebukadnezar ɖe gbe na fia ŋu srafowo ƒe tatɔ, Nebuzaradan, tso Yeremya ŋu be:
12
“Kplɔe yi nàkpɔ edzi nyuie, eye mègawɔ nu vevi aɖekee o. Ke nu si wòdi be nàwɔ na ye la, wɔe nɛ.”
13
Ale Nebuzaradan, Nebusazban kple Nergal-Sarezer kpakple Babilon-fia ƒe amegãawo katã ɖo ame ɖa,
14
woɖakplɔ Yeremya tso dzɔlaawo ƒe xɔxɔnua vɛ. Wotsɔe de Gedalya, Axikam vi, ame si nye Safan ƒe tɔgbuiyɔvi la si, ne wòakplɔe yi eƒeme. Ale Yeremya nɔ ameawo dome.
15
Esime Yeremya nɔ ga me le dzɔlaawo ƒe xɔxɔnua la, Aƒetɔ gblɔ nɛ be:
16
“Yi ɖagblɔ na Ebedmelex, Etiopiatɔ la be: ‘Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla, Israel ƒe Mawu la be: Kpɔ ɖa, mana nye nyawo nava eme ɖe du sia ŋu, hena dzɔgbevɔ̃e, menye hena dzɔgbe nyui o. Woava eme le ŋkuwò me gbe ma gbe.
17
Gake maɖe wò ɣe ma ɣi. Aƒetɔ lae gblɔe. Womatsɔ wò ade asi na ame siwo vɔ̃m nèle la o.
18
Elabe maxɔ wò ɖe agbe kokoko, eye màtsi yi nu o. Ke wò agbe anɔ abe nunana tso aʋagbedzi ene, elabe èɖo dzi ɖe ŋunye.’ ” Aƒetɔ lae gblɔe.
← Chapter 38
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 40 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48
49
50
51
52