bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Jeremiah 11
Jeremiah 11
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 10
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 12 →
1
Aƒetɔ gblɔ na Yeremya be:
2
“Ðo to nàse nya siwo ku ɖe nubabla sia ŋuti nàgblɔ na Yudatɔwo kple Yerusalemnɔlawo.
3
Gblɔ na wo be Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la be: ‘Woaƒo fi de ame si mewɔ ɖe nubabla sia ƒe nyawo dzi o,
4
nu si mebla kple mia tɔgbuiwo esi mekplɔ wo tso Egipte-nyigba dzi, tso ga yibɔ lóloƒe la. Megblɔ na wo be miɖo to nye gbe, eye miwɔ nu siwo katã megblɔ na mi la. Ale mianye nye dukɔ, eye nye la, manye miaƒe Mawu.
5
Ekema mawɔ atam si meka na mia tɔgbuiwo be matsɔ anyigba si dzi notsi kple anyitsi le la na wo abe ale si wòsu mia si egbe ene.” Tete meɖo eŋu be: “Aƒetɔ, neva eme!”
6
Tete Aƒetɔ gblɔ nam be: “Yi ɖe Yuda-duwo me kple Yerusalem ƒe ablɔwo dzi ne nàɖe gbeƒã gbedeasi la na wo be: Mise nya siwo ku ɖe nubabla la ŋu, eye miawɔ wo dzi.
7
Elabe megbe nya na mia tɔgbuiwo vevie, esi mekplɔ wo tso Egipte-nyigba dzi, be woaɖo tom. Mexlɔ̃a nu wo edziedzi va ɖo egbe be, miɖo tom.
8
Gake wogbe toɖoɖo, gbe nusese. Wo katã wosẽ dzime, eye wowɔ ɖe woƒe dzi vɔ̃ɖi kuatri nu. Eya ta mena fiƒode siwo katã ŋu meƒo nu le, le nubabla la me la, ɖi wo ŋu.”
9
Aƒetɔ gagblɔ nam be: “Yudatɔwo kple Yerusalemnɔlawo dze aglã.
10
Wogatrɔ yi wo tɔgbuiwo ƒe nuvɔ̃ɖi wɔwɔwo gbɔ, ame siwo gbe toɖoɖo nye nyawo. Wodze mawu bubuwo yome le subɔsubɔm. Israel-dukɔ kple Yuda-dukɔ siaa tu nu, si mebla kple wo tɔgbuiwo la.
11
Eya ta Aƒetɔ be: Kpɔ ɖa, mana dzɔgbevɔ̃e nadzɔ ɖe wo dzi, eye womate ŋu así le enu o. Woayɔm kple ɣli, ke nyemaɖo to wo o.
12
Ekema Yuda-duwo kple Yerusalemnɔlawo aɖado ɣli na mawu siwo wotɔa dzo lifi na la, ke womate ŋu axɔ na wo le woƒe xaxa me o.
13
Elabe, o Yuda, wò mawuwo va sɔ gbɔ abe wò duwo ene, eye abe ale si Yerusalem ƒe ablɔwo sɔ gbɔe ene la, nenemae nèɖi vɔsamlekpuiwo ŋukpenatɔe be yeatɔ dzo lifi le wo dzi na Baal.”
14
“Eya ta mègado gbe ɖa ɖe dukɔ sia ta o; mègado gbe ɖa be yeaɖe kuku alo aƒo koko ɖe wo ta o. Elabe ne woxaxa, eye wodo ɣli yɔm la, nyemasee na wo o.
15
Ŋusẽ kae gale nye lɔlɔ̃tɔ si le nye aƒeme, esi wòwɔ nuvɔ̃ɖi siawo? Ɖe adzɔgbeɖeɖe kple vɔsalã kɔkɔewo axe mɔ na gbegblẽ si le dziwò va gea? Ɖe miate ŋu akpɔ dzidzɔa?
16
Aƒetɔ yɔa wò tsã be: Amiti dama si tse ku nyuiwo. Ke atɔ dzoe, eye eƒe alɔwo afiã keŋkeŋ le ahomya sesẽ me.
17
Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla, ame si ɖo gɔwòme anyi la, ƒo fi de wò le nuvɔ̃ɖi si Israel-dukɔ kple Yuda-dukɔ la wɔ, esi wotɔ dzo lifi na Baal tsɔ do dɔmedzoe nam ta.”
18
Aƒetɔ na be manyae, eye menyae. Ale nèɖe woƒe nuwɔna vɔ̃ɖiwo fiam.
19
Ke nye la, mele abe alẽvi fafa si wokplɔ yina wuwu ge la ene. Nyemenya be ŋunyee woɖo nugbe ɖo le gbɔgblɔm be: “Mina míatsrɔ̃ ati la kple eƒe tsetse, mina míaɖee ɖa le agbagbeawo ƒe anyigba dzi ale be womagaɖo ŋku eŋkɔ dzi azɔ o.”
20
O Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla, ʋɔnudrɔ̃la dzɔdzɔetɔ! Wòe doa dzimesusuwo kple tamesusuwo kpɔna. Asiwò mee metsɔ nye nyawo dee, eya ta bia hlɔ̃ ame siawo makpɔ.
21
Eya ta Aƒetɔ gblɔ le Anatotitɔ siwo le wò ku dim, eye wogblɔ be: “Mèganɔ gbeƒã ɖem le Aƒetɔ ŋkɔ me o. Ne ègayi edzi la, àtsi mía si me.” la ŋu be:
22
“Kpɔ ɖa, mahe to na wo. Woƒe ɖekakpuiwo atsi yi nu le aʋa me, eye woƒe ŋutsuviwo kple nyɔnuviwo aku le dɔwuame ta;
23
wo dometɔ aɖeke masusɔ o. Elabe mahe dzɔgbevɔ̃e ava Anatotitɔwo dzi le ƒe si me meɖo be mahe to na wo la.”
← Chapter 10
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 12 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48
49
50
51
52