bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Jeremiah 35
Jeremiah 35
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 34
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 36 →
1
Nya si Aƒetɔ gblɔ na Yeremya, esime Yuda-fia Yehoyakim, Yosiya vi, nɔ fia ɖum lae nye:
2
“Yi ɖe Rexab ƒomeawo ƒeme ne nàƒo nu kpli wo. Kplɔ wo yi ɖe Aƒetɔ ƒe aƒe la me, miage ɖe xɔwo dometɔ ɖeka me, eye nàna wain wo woano.”
3
Ale meyi ɖakplɔ Yaasanya, Yeremya vi, ame si nye Xabazinya vi kple nɔvia ŋutsuwo kple via ŋutsuwo katã kpakple Rexab ƒome blibo.
4
Mekplɔ wo yi Aƒetɔ ƒe aƒe la me hege ɖe Mawu ƒe ame Xanan, Yigdalya vi ƒe xɔ si te ɖe amegãwo ƒe xɔ ŋu la me. Xɔ sia le Maaseya, Salum vi, ame si nye kpuinudzɔla ƒe xɔ tame.
5
Tete metsɔ waingo si yɔ banaa la kple kpluwo ɖo Rexab ƒomea kɔme hegblɔ be: “Mino wain.”
6
Ke woɖo eŋu be: “Míele wain no ge o, elabe mía tɔgbui Yonadab, Rexab vi, de se na mí be: ‘Miawo kple mia viwo siaa migano wain gbeɖe o;
7
migatu xɔ o; migaƒã nu o, eye migade waingble alo waingble aɖe nanɔ mia si anye mia tɔ o; ke boŋ mianɔ avɔgbadɔwo me le miaƒe agbe me ŋkekewo katã me, ale be mianɔ agbe didi le anyigba si dzi mienye amedzrowo le la dzi.’
8
Míewɔ mía tɔgbui Yonadab vi ƒe se siwo wòde na mí la dzi be míawo ŋutɔ, mía srɔ̃wo, mía viŋutsuwo kple mía vinyɔnuwo siaa, mímeno wain kpɔ le míaƒe agbe me ŋkekewo katã me o.
9
Míetu xɔ nɔ eme kpɔ o. Waingble aɖe loo, alo agble aɖe loo, alo nuku aɖeke mele mía si o,
10
ke míenɔ avɔgbadɔwo me. Míeɖo to wɔ se siwo katã mía tɔgbui Yonadab de na mí la dzi.
11
Ke esi Nebukadnezar, Babilon-fia ho aʋa ɖe anyigba la ŋu la, míegblɔ be: ‘Miva, mina míayi Yerusalem le Kaldeatɔwo kple Asiriatɔwo ƒe aʋakɔwo ta.’ Eya tae míeva le Yerusalem ɖo.”
12
Tete Aƒetɔ gblɔ na Yeremya be:
13
“Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla, Israel ƒe Mawu la be: Yi ɖagblɔ na Yudatɔwo kple Yerusalemnɔlawo be: Ɖe mimaxɔ nye nufiame, aɖo to nye nyawo oa? Aƒetɔ lae gblɔe.
14
Se si Yonadab, Rexab vi, de na via ŋutsuwo be womegano wain o la, wowɔ edzi, eye wo dometɔ aɖeke menoa wain o va se ɖe egbe, elabe woɖo to wo tɔgbui ƒe sededea. Nye la, meƒo nu na mi edziedzi, gake miegbe be yewomaɖo tom o.
15
Medɔ nye dɔla gbeƒãɖelawo katã ɖe mi edziedzi be: ‘Mia dome ame sia ame neɖɔ eƒe agbenɔnɔ ɖo, eye megadze mawu bubuwo yome asubɔ wo o, bene mianɔ anyigba si metsɔ na miawo kple mia tɔgbuiwo la dzi.’ Ke miegbe toɖoɖo, gbe nusese.
16
Rexab vi, Yonadab, viwo wɔ wo tɔgbui ƒe se si wòde na wo la dzi, gake dukɔ sia ya gbe toɖoɖom.
17
Eya ta Aƒetɔ, Mawu Aʋakɔwokplɔla, Israel ƒe Mawu la be: Kpɔ ɖa, mele dzɔgbevɔ̃e siwo katã megblɔ ɖe Yudatɔwo kple Yerusalemnɔlawo katã ŋu la, hege ava wo dzi, elabe meƒo nu na wo, womesee o; meyɔ wo, wogbe tɔtɔ.”
18
Tete Yeremya gblɔ na Rexab ƒomea be: “Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla, Israel ƒe Mawu la be: Esi mieɖo to mia tɔ́ Yonadab ƒe sedede, lé eƒe seawo katã me ɖe asi, eye miewɔ nu siwo katã wògblɔ na mi
19
dzi ta la, Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla, Israel ƒe Mawu la be: Rexab vi, Yonadab, ƒe ame magbe tsitrenɔnɔ ɖe ŋkunye me akpɔ o.”
← Chapter 34
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 36 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48
49
50
51
52