bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Jeremiah 29
Jeremiah 29
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 28
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 30 →
1
Agbalẽ si Yeremya ŋlɔ ɖo ɖe nunɔlawo, gbeƒãɖelawo, dukɔa ƒe ametsitsiwo kple ame bubu siwo katã Nebukadnezar ɖe aboyoe tso Yerusalem yi Babilon la me nyawoe nye esiawo.
2
Eŋlɔe ɖo ɖa esime fia Xonya kple nyɔnufia, ame tatawo, Yuda-dukɔa kple Yerusalem ƒe dumegãwo, aɖaŋudɔwɔlawo kple gbedewo dzo le Yerusalem vɔ megbe.
3
Woɖo agbalẽa ɖa to Eleasa, Safan vi kple Gemarya, Xilkiya vi, ame siwo Yuda-fia Zedekiya dɔ ɖo ɖe Babilon-fia Nebukadnezar gbɔ le Babilon la dzi. Emenyawoe nye:
4
“Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla, Israel ƒe Mawu la le gbɔgblɔm na ame siwo katã wòɖo ɖe aboyo me tso Yerusalem yi Babilonia la be:
5
Mitso aƒe mianɔ eme. Mitɔ abɔ miado nu ɖe eme aɖu.
6
Miɖe srɔ̃ miadzi viŋutsuwo kple vinyɔnuwo. Miɖe srɔ̃ na mia viŋutsuwo, eye mitsɔ mia vinyɔnuwo na be woaɖe, ne woadzi viŋutsuviwo kple vinyɔnuviwo. Midzi ɖe edzi le afi ma, eye migazu ʋɛ o.
7
Ke midi du si me meɖe aboyo mi ɖo ɖa la me tɔwo ƒe nyonyo. Mido gbe ɖa na Aƒetɔ ɖe wo nu, elabe ne nu nyo na dua la, anyo na miawo hã.
8
Elabe Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla, Israel ƒe Mawu la, be: Migana miaƒe gbeƒãɖelawo kple miaƒe bokɔ siwo le mia dome la nable mi o. Migalé to ɖe woƒe drɔ̃ewo ŋuti o,
9
elabe ameblenyae wole gbeƒã ɖemee na mi le nye ŋkɔ me. Menye nyee dɔ wo o.” Aƒetɔ lae gblɔe.
10
Elabe Aƒetɔ be: “Ne ƒe bla adrẽ de na Babilon vɔ la, magatsɔ ɖe le miaƒe nya me, eye mawɔ ŋugbe si medo na mi la dzi agakplɔ mi ava teƒe sia.
11
Elabe Aƒetɔ be: Menya ɖoɖo si mewɔ ɖe mia ŋu. Nunyoname ƒe ɖoɖoe, ke menye vɔ̃ o, mɔkpɔkpɔ li na mi le etsɔ me.
12
Ekema miayɔm, ado gbe ɖa nam eye masee na mi.
13
Miadim, eye miakpɔm. Ne miedim kple miaƒe dzi blibo la,
14
miakpɔm, Aƒetɔ lae gblɔe. Magaɖo miaƒe nunyonamewo te, eye maƒo mia nu ƒu tso dukɔwo katã dome kple teƒe siwo katã menyà mi ɖo ɖa la, Aƒetɔ lae gblɔe, eye magakplɔ mi ava teƒe si menyà mi dzoe le ɖo ɖe aboyo me la.”
15
“Esi miegblɔ be: ‘Aƒetɔ ɖo gbeƒãɖelawo na mi le Babilon’ ta la,
16
nya si Aƒetɔ gblɔ ɖe fia si le David ƒe fiazikpui dzi kple ame siwo katã le du sia me, siwo nye mia nɔvi siwo meyi aboyo me kpli mi o la ŋuti lae nye be:
17
‘Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la be: Kpɔ ɖa, mele aʋawɔwɔ, dɔwuame kple dɔ vɔ̃ ɖom ɖe wo dome, eye mawɔ wo woanɔ abe gbotsetse vóvo siwo gblẽ keŋ, eye womate ŋu aɖu wo o la ene.
18
Matsɔ aʋawɔwɔ, dɔwuame kple dɔ vɔ̃ ayɔ wo ɖe nui, eye mawɔ wo woazu ŋɔdzinu na fiaɖuƒewo katã le anyigba dzi. Woazu fiƒode, ŋɔdzi, nu si ŋu woaʋuʋu ta ɖo kple vlodonu le dukɔwo katã dome le afi siwo menyà wo ɖo ɖa la,
19
elabe womeɖo to nye nyawo o, Aƒetɔ lae gblɔe. Megblɔ nya siawo na mi to nye dɔla gbeƒãɖelawo dzi edziedzi, gake miegbe toɖoɖo.’ Aƒetɔ lae gblɔe.
20
Mi ame siwo katã meɖo ɖe aboyo me tso Yerusalem yi Babilon, mise Aƒetɔ ƒe nya:
21
‘Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla, Israel ƒe Mawu la gblɔ ɖe Axab, Kalaya vi kple Zedekiya, Maaseya vi, ame siwo le gbeƒã ɖem alakpanya na mi le nye ŋkɔ me la ŋu be: Kpɔ ɖa, matsɔ wo ade asi na Nebukadnezar, Babilon-fia, eye wòawu wo le mia ŋkume.
22
Le wo ta la, ame siwo katã woɖe aboyoe tso Yuda, wole Babilon la aƒo fi ade ame be: Aƒetɔ awɔ wò abe Zedekiya kple Axab, ame siwo Babilon-fia mè le dzo me la ene.
23
Elabe wowɔ movinu le Israel. Wowɔ ahasi kple wo havi srɔ̃wo, eye wogblɔ alakpanya, si nyemegblɔ na wo o la, le nye ŋkɔ me. Nyee nya nu si wowɔ, nyee nye ɖasefoa.’ ” Aƒetɔ lae gblɔe.
24
Gblɔ na Semaya, Nexelamitɔ la be:
25
“Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla, Israel ƒe Mawu la be: Èɖo agbalẽ ɖa, le wò ŋkɔ me, ɖe ame siwo katã le Yerusalem kple nunɔla Zefanya, Maaseya vi kpakple nunɔlawo katã be:
26
‘Aƒetɔ tsɔ wò ɖo nunɔlae ɖe nunɔla Yehoyada teƒe ale be nànye dzikpɔla le Aƒetɔ ƒe aƒeme ɖe tsukunɔ ɖe sia ɖe si le gbeƒã ɖem la dzi, nàdee atikpofɔblanu kpekpe me, ade ga kɔ nɛ.
27
Ke nu ka ta mèka mo na Yeremya, Anatotitɔ la esime wòle gbeƒã ɖem na mi o?
28
Elabe eɖo agbalẽ ɖe mí le Babilon be: Miaƒe aboyo me nɔnɔ adidi; mitso aƒe mianɔ eme, mitɔ abɔ miado nu ɖe eme aɖu.’ ”
29
Nunɔla Zefanya xlẽ agbalẽa na Yeremya, gbeƒãɖela la, wòse.
30
Tete Aƒetɔ gblɔ na Yeremya be:
31
“Ɖo ame ɖa, ne woagblɔ na aboyomeawo katã be: ‘Aƒetɔ gblɔ ɖe Semaya, Nexelamitɔ la ŋu be: Esi Semaya ɖe gbeƒã na mi, evɔ wònye nyemedɔe hafi o, eye wòna miele dzi ɖom ɖe alakpanya ŋu ta la,
32
eya ta Aƒetɔ be: Kpɔ ɖa, mahe to na Semaya, Nexelamitɔ la kple eƒe dzidzimeviwo. Eƒe dzidzimevi aɖeke masusɔ nɛ anɔ dukɔ sia me, akpɔ nyui si wɔ ge mala na nye dukɔ la o; Aƒetɔ lae gblɔe. Elabe egblɔ aglãdzenya ɖe Aƒetɔ ŋu.’ ”
← Chapter 28
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 30 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48
49
50
51
52