bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Jeremiah 28
Jeremiah 28
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 27
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 29 →
1
Esime Yuda-fia Zedekiya va zi dzi, le ƒè enelia ƒe dzinu atɔ̃lia me le ƒè ma ke me la, gbeƒãɖela Xananya, Asur vi, tso Gibeon-du me va ƒo nu kplim le Aƒetɔ ƒeme. Egblɔ nam le nunɔlawo kple dukɔ blibo la ŋkume be:
2
Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla, Israel ƒe Mawu la be: “Meŋe Babilon-fia ƒe kɔkuti la.
3
Le ƒè eve me la, magbugbɔ Aƒetɔ ƒe aƒemenu siwo katã Babilon-fia Nebukadnezar tsɔ tso teƒe sia yi Babilon la agbɔ va afi siae.
4
Gawu la, makplɔ Yuda-fia Xonya, Yehoyakim vi kple ame siwo katã woɖe aboyoe kpe ɖe eŋu tso Yuda yi Babilon la agbɔ va teƒe siae elabe maŋe Babilon-fia ƒe kɔkuti la.” Aƒetɔ lae gblɔe.
5
Tete Mawu ƒe gbeƒãɖela Yeremya gblɔ na gbeƒãɖela Xananya le nunɔlawo kple ameha si le tsitre ɖe Aƒetɔ ƒe aƒea ŋkume
6
be: “Neva eme! Aƒetɔ newɔe nenema! Aƒetɔ nena nya siwo nèɖe gbeƒãe la nava eme. Netrɔ Aƒetɔ ƒe aƒemenuawo kple ame siwo katã woɖe aboyoe la tso Babilon va teƒe sia.
7
Ke azɔ la, wò kple dukɔ la katã mike to ne miase nya si gblɔ ge mala.
8
Gbeƒãɖela siwo do ŋgɔ na nye kple wò le blema la, ɖe gbeƒã aʋawɔwɔ, dɔwuame kple dɔ vɔ̃ ɖe dukɔ geɖewo kple fiaɖuƒe triakɔwo ŋu ɖi.
9
Ne gbeƒãɖela aɖe ɖe gbeƒã be ŋutifafa gbɔna, eye eƒe nyaa va eme la, wodzea sii be Aƒetɔ ye dɔ gbeƒãɖela ma ɖa nyateƒe.”
10
Tete gbeƒãɖela Xananya ɖe kɔkuti la le kɔ na Yeremya, eye wòŋee
11
hegblɔ le ameawo katã ŋkume be: “Aƒetɔ be: Alea mele Babilon-fia Nebukadnezar ƒe kɔkuti si le kɔ na dukɔwo katã la ŋe gee le ƒè eve me.” Ke Yeremya, gbeƒãɖela la, dzo.
12
Le ɣeyiɣi aɖe megbe esime gbeƒãɖela Xananya ŋe kɔkuti la le Yeremya ƒe kɔ vɔ megbe la, Aƒetɔ gblɔ na Yeremya be:
13
“Yi ɖagblɔ na Xananya be: ‘Aƒetɔ be atikɔkuti nèŋe, ke mawɔ gatɔ ɖo eteƒe.
14
Elabe Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla, Israel ƒe Mawu la gblɔ be: Metsɔ kɔkuga ku kɔ na dukɔ siawo katã ne woanye Babilon-fia Nebukadnezar teviwo asubɔe. Elabe metsɔ gbemelãwo gɔ̃ hã na fia Nebukadnezar be woasubɔe.’ ”
15
Tete gbeƒãɖela Yeremya gblɔ na gbeƒãɖela Xananya be: “Xananya, ɖo to nàsee! Menye Aƒetɔ ye dɔ wò o, eye nèwɔ dukɔ sia wòxɔ beble dzi se.
16
Eya ta Aƒetɔ be: ‘Kpɔ ɖa, maɖe wò ɖa le anyigba dzi. Àku le ƒe sia me, elabe ègblɔ aglãdzenya ɖe Aƒetɔ ŋu.’ ”
17
Le dzinu adrẽlia me, le ƒe ma me ke la, Xananya, gbeƒãɖela la, ku.
← Chapter 27
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 29 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48
49
50
51
52