bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Jeremiah 49
Jeremiah 49
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 48
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 50 →
1
Gbedeasi ɖe Amonviwo ŋu. Aƒetɔ be: “Viŋutsuwo mele Israel si oa? Domenyila aɖeke mele esi oa? Ke nu ka tae Milkom xɔ Gad wòzu etɔ, eye eteviwo tso aƒe ɖe eƒe duwo me?
2
Eya ta, Aƒetɔ be: Kpɔ ɖa, ɣeyiɣi gbɔna, esime mana aʋaɣli naɖi ɖe Amonviwo ƒe du Raba ŋu. Azu glikpo ɖi, eye woatɔ dzo eƒe kɔƒewo, ekema Israel agaxɔ eƒe domenyinu si woxɔ le esi la.” Aƒetɔ lae gblɔe.
3
“Xesbontɔwo, mifa avi, elabe wogbã Ai-du! Raba vinyɔnuwo, mido ɣli! Mita akpanya, mifa konyi, eye mianɔ du dzi anɔ yiyim anɔ gbɔgbɔm le ati dodoe bɔwo me. Elabe miaƒe mawu Milkom ayi aboyo me kple eƒe trɔ̃nuawo kple eƒe amegãwo.
4
O, vinyɔnu maxɔse, nu ka ta nètsɔ wò baliwo le adegbe ƒomee? Wò si ɖoa dzi ɖe wò kesinɔnuwo ŋu lae le biabiam be: ‘Ame kae atso ava dze dzinye’ mahã?
5
Kpɔ ɖa, mahe ŋɔdzi ava dziwò, Aƒetɔ Mawu, Aʋakɔwokplɔla lae gblɔe, atso dukɔ siwo katã ƒo xlã wò la me, eye woanyà wò ado goe, ame sia ame akpɔ eŋgɔ tẽe adzo, ame aɖeke maƒo sisílaawo nu ƒu o.”
6
“Gake emegbe la, magaɖo Amonviwo te, agbugbɔ woƒe nunyonamewo na wo”. Aƒetɔ lae gblɔe.
7
Gbedeasi ɖe Edom ŋu. Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la be: “Ɖe nunya megale Teman oa? Ɖe adaŋudede bu ɖe nunyalawoa? Ɖe woƒe nunya bu vĩa?
8
Dedantɔwo, misí! Mitrɔ dzo! Miɣla mia ɖokui ɖe agadowo me, elabe mele Esau ƒe dzɔgbevɔ̃e gã la he ge va edzi; le ɣe si ɣi mahe to nɛ.
9
Ne waintsetsexalawo va xa nu le mia gbɔ la, ɖe womegblẽa ɖewo ɖe kaawo ŋu oa? Ne fiafiwo va nu fi ge le zã me la, ɖe wometsɔa nu si ko dim wole, eye wogblẽa nanewo ko oa?
10
Ke nye ya, meɖe ama Esau. Meklo nu le eƒe bebeƒewo dzi, eye magate ŋu aɣla eɖokui o. Metsrɔ̃ viawo kple nɔvia ŋutsuwo kple eƒe aƒelikawo, eye megali o.
11
Migblẽ miaƒe tsyɔ̃eviwo ɖi; makpɔ wo ta woatsi agbe. Mina miaƒe ahosiwo naɖo dzi ɖe ŋunye.”
12
Elabe Aƒetɔ be: “Ne ame siwo medze be woano kplu la me nu o, hafi wonoe godoo la, ɖe woagbe tohehe na wò yaa? Màtsi tomahe o, ele be nànoe kokoko.
13
Aƒetɔ be: Elabe metà ɖokuinye be ne Bozra mezu ŋɔdzinu, alɔmeɖenu, aƒedo kple ɖiŋudonu, eye eƒe duwo katã zu gbegbe tegbee o fĩi!”
14
Mexɔ gbedeasi tso Aƒetɔ gbɔ, eye woɖo amedɔdɔ ɖe dukɔwo dome be: “Miƒo mia ɖokui nu ƒu ne miava kpe akɔ kplii. Ne miatso na aʋawɔwɔ.”
15
Elabe, kpɔ ɖa, mawɔ wò nànɔ sue le dukɔwo dome, eye woado vlo wò le amegbetɔwo dome.
16
Ŋɔdzi si le ŋuwò ble wò, eye nèdana le dzime; wò si le agatowo me, eye nètso aƒe ɖe keke towo tame ʋĩi ke lae. Togbɔ be nèwɔ atɔ ɖe kɔkɔƒe ʋĩi abe hɔ̃ ene hã la, mahe wò tso afi ma ava anyigbae. Aƒetɔ lae gblɔe.
17
“Edom azu ŋɔdzinu, eye ame sia ame si to eŋu yina la ŋɔdzi alée, eye wòaʋuʋu ta le dzɔgbevɔ̃e siwo katã dzɔ ɖe edzi la ta.
18
Abe ale si wònɔ na Sodom kple Gomora kpakple wo ŋu duwo esime metsrɔ̃ wo enee la, nenemae ame maganɔ afi ma o, eye womagatso aƒe ɖi o. Aƒetɔ lae gblɔe.
19
Kpɔ ɖa, ale si dzata dona tso ave dodo me le Yordan ŋu, ɖe lãha siwo ƒo ƒu ŋui la, nenema mele wo wɔ ge woasí du adzo le egbɔ kpata, eye matia ame si melɔ̃ la wòaɖu edzi. Elabe ame kae sɔ kplim? Ame kae ate ŋu asamam? Alẽkplɔla kae ate ŋu anɔ te ɖe nunye?
20
Eya ta mise ɖoɖo si Aƒetɔ wɔ ɖe Edom ŋu kple nu si wòɖo ɖe Teman nɔlawo ŋu: Woate lã beli siwo le alẽha la me la le anyigba adzoe, eye le nyateƒe me la, alẽha la atsi yaa le nu si dzɔ ɖe wo dzi la ta.
21
Woƒe anyidzedze ana anyigba la katã naʋuʋu, eye woƒe ɣli aɖi ade keke Aƒlaƒu la nu ke.
22
Kpɔ ɖa, futɔ aɖe atso ɖe Bozra ŋu, adzo sesĩe akeke eƒe aʋala me abe hɔ̃e be yeaƒo nu ene. Gbe ma gbe la, aʋawɔla siwo le Edom ƒe dziwo anɔ abe nyɔnu si le ku lém la tɔ ene.”
23
Gbedeasi ɖe Damasko ŋu. “Gbɔgblɔ bu ɖe Xamat kple Arpad elabe wose nya vɔ̃. Dzi ɖe le wo ƒo. Wotsi dzodzodzoe abe atsiaƒu si mate ŋu azi ɖoɖoe o la ene.
24
Damasko gbɔdzɔ, eye wòtrɔ be yeasí. Dzidzi ƒoe! Ŋɔdzi lée, eye wòle veve sem abe nyɔnu si le ku lém la ene.
25
Kpɔ ale si wogblẽ du xɔŋkɔ la, aseyetsodu la ɖi ɖa!
26
Eya ta woawu eƒe ɖekakpuiwo ɖe woƒe ablɔwo dzi, eye woatsrɔ̃ woƒe aʋawɔlawo katã gbe ma gbe. Aƒetɔ lae gblɔe.
27
Matɔ dzo Damasko-dua ƒe gliwo, eye fia Hadad vi ƒe fiasãwo afiã.”
28
Gbedeasi ku ɖe Kedar kple Xazor ƒe fiaɖuƒe siwo dzi Babilon-fia Nebukadnezar ɖu la ŋu. Aƒetɔ be: “Mitso! Milũ ɖe Kedar dzi! Mitsrɔ̃ ɣedzeƒenɔlawo!
29
Woaxɔ woƒe avɔgbadɔwo kple alẽhawo, agbadɔvɔwo kple woƒe nunɔamesiwo katã. Woakplɔ woƒe kposɔwo adzoe le wo gbɔ, eye amewo ado ɣli agblɔ ɖo ɖe wo be: ‘Ŋɔdzi le afi sia afi!’
30
Xazornɔlawo, misí! Miɣla mia ɖokui ɖe agadowo me! Aƒetɔ lae gblɔe. Elabe Babilon-fia Nebukadnezar de adaŋu heɖo nugbe ɖe mia ŋu.”
31
“Mitso! Mizɔ ɖe dukɔ si li bɔkɔɔ la dzi, dukɔ si me dedienɔnɔ le la dzi. Aƒetɔ lae gblɔe. Agbo alo gameti mele woƒe duwo nu o; woawo ɖeɖe koe li.
32
Woƒe kposɔwo azu aboyonu; woƒe lãha azu nu woaha. Makaka ame siwo ƒlɔa ta kolikoli la ahlẽ ɖe afi sia afi, eye mahe dzɔgbevɔ̃e gã tso goawo katã me ava wo dzii. Aƒetɔ lae gblɔe.
33
Xazor ava zu akpatakuwo nɔƒe, azu gbegbe tegbee. Ame maganɔ afi ma o; womagatso aƒe ɖi o.”
34
Esi Yuda-fia Zedekiya dze fiaɖuɖu gɔme teti la, Aƒetɔ de gbe asi na Yeremya, gbeƒãɖela la, ɖe Elam ŋu.
35
Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la be: “Kpɔ ɖa, maŋe Elam ƒe dati si nye eƒe ŋusẽ vevitɔ la.
36
Makplɔ ya tso dziƒo ƒe go eneawo dzi ava ƒo ɖe Elam dzi, eye maka wo ahlẽ ɖe ya mawo katã nu. Dukɔ aɖeke manɔ xexea me, esime Elamtɔwo makaka ɖo o.
37
Mado ŋɔdzi na Elam le eƒe futɔwo kple ame siwo le eƒe agbe dim la ŋkume. Mahe dzɔgbevɔ̃e ava wo dzi le nye dɔmedzoe helihelĩ me. Aƒetɔ lae gblɔe. Maɖo aʋakɔ ɖe wo yome va se ɖe esime metsrɔ̃ wo vɔ.
38
Matsrɔ̃ Elam-fia kple eƒe amegãwo, eye malí nye fiazikpui anyi ɖe afi ma.” Aƒetɔ lae gblɔe.
39
“Gake emegbe la, magaɖo Elam te, eye magbugbɔ eƒe nunyonamewo nɛ.” Aƒetɔ lae gblɔe.
← Chapter 48
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 50 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48
49
50
51
52