bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Jeremiah 5
Jeremiah 5
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 4
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 6 →
1
Miƒu du to Yerusalem ƒe ablɔwo dzi, miayi agbɔ, miayi agbɔ. Mitsa ŋku, eye miade dzesi nu! Mitsa le eƒe kpɔdomeewo be miate ŋu akpɔ ame aɖe si wɔa nu dzɔdzɔe, eye wòdia nyateƒe yome hã. Ne miekpɔe la, ekema matsɔ Yerusalem ƒe nuvɔ̃ akee.
2
Togbɔ be wotàa nu gblɔna be: “Zi ale si Aƒetɔ le agbe la” hã la, alakpanu ko wònye wotàna.
3
O Aƒetɔ, ɖe wò ŋkuwo mele nyateƒe la kpɔm oa? ȃo wo baa, gake womese veve o. Ètsrɔ̃ wo ɖa, ke wogbe ɖɔɖɔɖo xɔxɔ. Wosẽ ŋkume kplalaa wu agakpe, eye wogbe dzimetɔtrɔ.
4
Ke nyea megblɔ be: “Ame dahe movitɔwo ko ame siawo nye, elabe womenya Aƒetɔ ƒe mɔ la o, womenya woƒe Mawu ƒe se la o.
5
Mayi dziɖulawo gbɔ aɖaƒo nu kpli wo elabe woawoe nya Aƒetɔ ƒe mɔ la kple woƒe Mawu ƒe se la.” Ke wo katã gbe be Aƒetɔ maɖu yewo dzi o, eye wogbe toɖoɖoe.
6
Eya ta dzata ado tso ave me alé wo aɖu; amegãxi atso kegbegbe ava tsrɔ̃ wo. Lãkle ade xa ɖe woƒe duwo ŋu, avuvu ame sia ame si ado tso wo me. Elabe woƒe vodadawo sɔ gbɔ, eye woƒe megbedede va glo.
7
“Nu ka tae matsɔ nuvɔ̃ siwo miewɔ la ake mi? Viwòwo gblẽm ɖi, eye wotsɔ nu siwo menye mawuwo o la tà nui. Esi mena nu wo, woɖu ɖi ƒo la, wowɔ, eye wonyè zi ɖo ta gbolowo ƒeme bibibi.
8
Wole asi yɔm le yiyim abe sɔtsu dami ene. Wo dometɔ ɖe sia ɖe ƒe lã me le fiefiem ɖe ehavi srɔ̃ ŋu.
9
Ðe mele be mahe to na wo le esiawo ta oa? Aƒetɔ lae gblɔe. Ðe mele be mabia hlɔ̃ dukɔ sia tɔgbe na ɖokuinye oa?
10
Miyi ɖato eƒe waingblewo me ne miagblẽ wo, ke migagblẽ wo keŋkeŋ o! Milã eƒe alɔawo ɖa, elabe menye Aƒetɔ tɔ wonye o.
11
Elabe Israel-dukɔ kple Yuda-dukɔ mewɔ nuteƒe nam kura o. Aƒetɔ lae gblɔe.
12
Dukɔ la gbe nu le Aƒetɔ gbɔ, eye wogblɔ be: ‘Mate ŋu awɔ naneke mí o. Dzɔgbevɔ̃e madzɔ ɖe mía dzi o; aʋa madzɔ o, eye dɔ mato o.
13
Mawu ƒe gbeƒãɖelawo azu ya; gbe vɔ le wo nu. Alea ko wòanɔ na wo.’ ”
14
Eya ta Aƒetɔ, Mawu, Aʋakɔwokplɔla la gblɔ be: “Esi dukɔ sia le nya siawo gblɔm ta la, kpɔ ɖa, mana nye nyawo nanye dzo anɔ nuwò, eye woawo anye nake si dzo la afiã.
15
Kpɔ ɖa, Israel-dukɔ, mekplɔ dukɔ aɖe tso didiƒe gbɔna ƒoƒo ge ɖe dziwò, Aƒetɔ lae gblɔe. Enye dukɔ sesẽ, enye blemadukɔ, dukɔ si ƒe gbe miate ŋu agblɔ, alo ase egɔme o.
16
Woƒe daku le abe yɔdo nuvo ene, wo katã wonye ŋusẽtɔwo.
17
Woaɖu miaƒe nu siwo mieŋe kple miaƒe nuɖuɖuwo. Woavuvu mia viŋutsuviwo kple mia vinyɔnuviwo. Woaɖu miaƒe alẽhawo kple miaƒe nyihawo, eye woatsrɔ̃ miaƒe wainkawo kple gbotiwo. Woƒe kalẽawo agbã miaƒe du sesẽ siwo ŋu miele dzi ɖom ɖo la kple yi.”
18
Aƒetɔ be: “Ɣe ma ɣi gɔ̃ hã la, nyematsrɔ̃ nye dukɔ la keŋkeŋ o.
19
Ne wò dukɔmetɔwo bia be: ‘Nu ka tae Aƒetɔ, mía Mawu la, wɔ nu siawo katã mí?’ la, ɖo eŋu na wo be: ‘Ale si miegblẽm ɖi ɖasubɔ mawu bubuwo le miaƒe anyigba dzii la, nenemae miasubɔ dukɔ bubu me tɔwo le anyigba si menye mia tɔ o la dzi.’ ”
20
Ɖe gbeƒã nya sia na Yakob ƒe dzidzimeviwo kple Yuda-to la be:
21
“Dukɔ tsibome manyanu, ɖo to nàse nya sia. Ŋku li na mi, ke miekpɔa nu o; to li na mi, ke miesea nu o!
22
Aƒetɔ be: Ɖe mievɔ̃am oa? Ɖe miedzona nyànyanya le ŋkunye me oa? Metsɔ ke do liƒo na atsiaƒu, eye wònye liƒo mavɔ si dzi mate ŋu agbɔ gbeɖe o. Ne ƒua dze agbo hã la, mate ŋu agbɔ edzi o; ƒutsotsoeawo nenyra, ke womate ŋu agbɔ edzi ayi akpɔ o.
23
Ke dukɔ sia dze aglã, sẽ to; ete ɖe aga tso gbɔnye helé eƒe mɔ tsɔ kɔ̃ɔ.
24
Womegblɔna le woƒe dzime be: ‘Mina míavɔ̃ Aƒetɔ, mía Mawu la, ame si nana be tsi dzana le edzaɣi, adametsi kple kelemetsi, eye wònana mieŋea nu le eŋeɣi pɛpɛpɛ’ o.
25
Miaƒe nuvɔ̃ɖi wɔwɔ gblẽ ɖoɖo sia me, eye miaƒe nuvɔ̃wo te nu nyui mi.
26
Ame vɔ̃ɖiwo le nye dukɔ la me. Wode xa, bɔbɔ ɖi abe xevimɔ̀trela ene. Wotrea mɔ̀, ɖea amewo!
27
Ale si xevi yɔa xadza fũui la, nenemae woƒe aƒewo yɔ fũu kple nu siwo woha; eya ta wozu ŋusẽtɔwo kple kesinɔtɔwo ɖo.
28
Woda ami, wo ŋu zrɔ̃ lalalã. Seɖoƒe meli na woƒe nuvɔ̃ɖi wɔwɔ o. Womedrɔ̃a ʋɔnu dzɔdzɔe na tsyɔ̃eviwo be nu nadze edzi na wo le agbe me o, eye womeʋlia hiãtɔwo ta o.
29
Ðe mele be mahe to na wo le esiawo ta oa? Aƒetɔ lae gblɔe. Ðe mele be mabia hlɔ̃ dukɔ sia tɔgbe na ɖokuinye oa?”
30
Ŋɔdzinu kple ŋunyɔnue dzɔ le anyigba la dzi:
31
Mawu ƒe gbeƒãɖela ɖea gbeƒã nya siwo mele eme o; nunɔlawo le aƒetɔ ɖum ɖe ame dzi, ale si gbeƒãɖelawo fia woe nu; edze nye dukɔmetɔwo ŋu nenema! Gake nu kae miawɔ ne nu sia nu va wu nu?
← Chapter 4
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 6 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48
49
50
51
52